Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 2:36 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

36 Eye amesiwo akpɔtɔ ɖe aƒewò me la, dome ɖesiaɖe ava dze klo ɖe eŋku me, eye woabia ga kple aboloe agblɔ bena. Tsɔm kpe ɖe wò amesiwo le nunɔladɔ wɔm la ŋuti, ne makpɔ abolo aɖu!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

36 Ekema ame sia ame si susɔ ɖe wò ƒome la me ava de ta agu ɖe eŋkume abia klosaloga ɖeka alo abolo kakɛ aɖe kple kukuɖeɖe be, “De nunɔla ƒe dɔ aɖe asi nam ale be mate ŋu akpɔ nu vi aɖe aɖu.” ’ ”

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 2:36
9 Mawu Ofanana  

Ale Salomo nyã Abyatar, be maganye Yehowa ƒe nunɔla azɔ o, ne Yehowa ƒe nya, si wògblɔ ɖe Eli ƒe aƒe ŋu le Silo la, nava me.


Ke nuxeƒe nunɔlawo mekpɔ mɔ ade Yehowa ƒe vɔsamlekpui la dzi le Yerusalem o, ke boŋ woaɖu nu maʋamaʋã kple wo nɔviwo.


Ame vɔ̃ɖilɔwo abɔbɔ na ame nyuiwo, eye nuvɔ̃wɔlawo anɔ ame dzɔdzɔewo ƒe agbo nu.


Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Miele gbɔgblɔm be, eɖuɖu la, fuɖename wònye; eye mietsɔ adzonuwo, lã ɖixɔdrɔ̃wo kple lã lédɔwo va sa vɔe. Ɖe mele esia dim tso mia si mea? Yehowa ye gblɔe.


Mixa gblɔ nɛ bena: Tsi gbɔnye, eye nanye fofo kple nunɔla nam, ekema mana klosalo ewo wò ƒe sia ƒe hekpe ɖe avɔtata kple nuɖuɖu ŋu. Ale wozi Lewito la dzi.


Eye maɖo nunɔla nuteƒetɔ na ɖokuinye, amesi awɔ nu ɖe nye dzi dzi, eye wòawɔ nusi adze ŋunye; mana eƒe aƒe nali ke, eye wòadze nye amesiamina la ŋgɔ ɖaa


Eye Samuel ɖevi la subɔ Yehowa le Eli gbɔ. Ɣemaɣi la Yehowa meƒoa nu enuenu o, eye ŋutega kpɔkpɔ mebɔ o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa