Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 2:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Miganɔ adegbe ƒom atraɖii o, eye nya vlo meganɔ dodom le mia nu o! Elabena nunyawo ƒe Mawu enye Yehowa, amesi ɖaa nuwɔwɔwo kpɔ na.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 “Mèganɔ nu ƒom dadatɔe nenema o, elabena Yehowae nye Mawu si nya nu sia nu eye wòdaa miaƒe nuwɔnawo kpɔna.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 2:3
26 Mawu Ofanana  

ekema nasee le nɔwòƒe le dziƒo, eye natsɔe ake, wɔ edzi, eye nawɔ na amesiame le eƒe zɔzɔwo katã nu, abe alesi nènya eƒe dzi mee ene, elabena wò ɖeka koe nya amegbetɔviwo katã ƒe dzi me;


ekema nedam le nudanu nyuitɔ dzi, eye Mawu nadze si nye fɔmaɖimaɖi.


Mía Aƒetɔ la lolo, eƒe ŋusẽ tri akɔ, eye goléƒe mele eƒe nunya ŋu o.


Ami nye tsyɔ woƒe dzi, eye wotsɔa woƒe nu gblɔa dadanyawo.


Yehowa, megana ŋu nakpem o, elabena mele yɔwòm; ŋu nekpe ame vɔ̃ɖiwo, eye woƒe nu netɔ kpe le tsiẽƒe!


Ɖe wònye ɖe míeŋlɔ mía Mawu ƒe ŋkɔ be, eye míeke míaƒe asiwo na mawu tutɔwo la,


Megblɔ na adegbeƒolawo be: Miganɔ adegbe ƒom o! eye na ame vɔ̃ɖiwo be: Migakɔ miaƒe dzo dzi o!


Wole nuƒoƒo yrom hele nya tovowo gblɔm; ame vɔ̃ɖiwo katã le ɖadzra ɖam.


Ame ƒe zɔzɔmewo katã dzana le eya ŋutɔ ŋku me; ke Yehowa ye daa gbɔgbɔwo kpɔna.


Ne ègblɔ be: „Míenyae o“ la, kpɔ ɖa, amesi da dziwo kpɔna la, adze sii, eye amesi ɖea ŋku ɖe wò luʋɔ la, anyae, eye wòaɖo eteƒe na amegbetɔ le eƒe nuwɔwɔ nu.


Yehowa-yɔvɔ̃ enye fuléle vɔ̃; melé tu dada, ɖokuidodoɖedzi, mɔ vɔ̃ɖi kple alakpanu.


Ame dzɔdzɔe ƒe toƒe to mo ɖeka, eta ame dzɔdzɔe ƒe mo wòdzɔ.


Ameka nedo vloe, eye ameka ŋu nèɖe alɔme le? Ameka ta nèdo ɣli ɖo, eye ameka ŋu nèwu wó ŋkuwò dzi ɖo? De Israel ƒe kɔkɔetɔ la ŋu loo!


Nye Yehowa ye dzroa dziwo me, eye meɖoa ayikuwo me kpɔna; maɖo eteƒe na amesiame ɖe eƒe zɔzɔ kple eƒe nuwɔnawo ƒe kutsetse nu.


Mietsɔ miaƒe nuwo ƒo adegbe ɖe ŋunye, eye miedudu nya ƒo ɖi bababa ɖe ŋunye mese.


Tekel: Woɖa wò le nuɖanu me, ke èle hodzoe akpa.


Yehowa be: Miegblɔa nya sesẽ ɖe ŋunye! Eye ne miebe; Nya ka miegblɔna ɖe ŋuwò hã la,


Elabena Mawu ƒe nya la le agbe, eye wòsẽa ŋu, eye wòɖana wua yi nue-vee sia yi nuevee, eye wòƒona ɖe ame yina ɖe eme, halase esime wòmãa luʋɔ kple gbɔgbɔ kple ƒunukpeƒeewo kpakple ƒutomemi me, eye wònye tamesusuwo kple dzimedidiwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la;


Mawu, Mawu Yehowa, Mawu, Mawu Yehowa ŋutɔe nyae, eye Israel hã nanyae: Nenye aglãe miehe, miadze, alo voe míebe, míada ɖe Yehowa ŋu la, ekema megaxɔ mi ɖe agbe egbe sia o!


eye matsɔ dɔvɔ̃ awu viawo. Eye hameawo kalẽ woanyae bena, nyee nye amesi dzroa ayikuwo kple dziwo me kpɔna, eye maɖo teƒe na mia dome amesiame le eƒe dɔwɔwɔwo nu.


Tete Zebul gblɔ nɛ bena: Menye wòe le nu me ɖim le gbɔgblɔm bena: ameka nye Abimelex, ne míasubɔe oa? Esia nye aʋakɔ, si ŋu nèle alɔme ɖem le. Azɔ ho, nayi aɖawɔ aʋa kplii!


Ke Yehowa gblɔ na Samuel bena: Megakpɔ eƒe dzedzeme kple eƒe atsudzɔdzɔ o, elabena megbee. Menye alesi amegbetɔ kpɔa nui o; elabena amegbetɔ kpɔa ŋku nu, ke.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa