Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 2:28 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

28 Metiae tso Israel-towo katã dome, be wòanye nunɔla nam, eye woate ɖe nye vɔsamlekpui la ŋu, woatso nu ʋeʋẽe ado dzudzɔe, eye wòado kɔmewu la le ŋkunye me, eve metso Israel-viwo ƒe dzovɔsawo katã na fofowò ƒe aƒe la

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

28 Ɖe nyemetia mia tɔgbi Levi tso Israel towo katã dome be wòanye nunɔla nam, be wòasa vɔ le nye vɔsamlekpui dzi, wòatsɔ nu ʋeʋĩ ado dzudzɔ nam eye wòado nunɔlawo ƒe awu ne ele subɔyem oa? Eye ɖe nyemetsɔa vɔsanuwo naa mi nunɔlawo oa?

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 2:28
26 Mawu Ofanana  

Tete Natan gblɔ na Dawid bena: Wòe nye ŋutsu la! Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Mesi ami na wò heɖo fia wò ɖe Israel nu, eye meɖe wò tso Saul si me;


Dawid ɖu ɣe kple ŋusẽ katã le Yehowa ŋku me, eye Dawid do aklala-kɔmewu.


Eye naɖe nɔviwò Aron kple viaŋutsuwo le Israel-viwo dome ava gbɔwòe, bena woazu nunɔlawo asubɔm; Aron ŋutɔ kple viaŋutsuwo: Nadab, Abihu, Eleazar kple Itamar.


Nusiwo woatɔ wonye: akɔtaɖonu, kɔmewu, dziwui, awutewui ʋlaya, si wotsɔ deti ɣi lɔ̃e, tablanu kple alidziblanu; eye woatɔ awu kɔkɔewo na nɔviwò Aron kple viaŋutsuwo, be woazu nunɔlawo asubɔm.


Eye Aron natsɔ atike ʋeʋẽe ado dzudzɔ ɖe edzi, ŋdi sia ŋdi, ne edzra akaɖigbɛawo ɖo la, wòado dzudzɔ.


Eye ne Aron si akaɖigbɛawo le fiẽ la, wòagado dzudzɔ Esia anye dzudzɔvɔsa le Yehowa ƒe ŋku me, hena miaƒe dzidzimeviwo tegbee.


Ke nuɖuvɔsa mamlea nye Aron kple viaŋutsuwo tɔ, nu kɔkɔewo fe nu kɔkɔe wònye tso Yehowa ƒe dzovɔsa la me.


Ke nuɖuvɔsa mamlea nye Aron kple viaŋutsuwo tɔ, nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe wònye tso Yehowa ƒe dzovɔsa la me.


Woatɔ dzo nunɔlawo ƒe nuɖuvɔsawo katã bliboe, eye womaɖui o.


Ɖusita la hã nye nunɔla tɔ le miaƒe akpedavɔsawo me.


gome, si Yehowa de se bena, Israel-viwo natsɔ na wo, le gbesigbe wòsi ami na wo la. Ɖoɖo mavɔ wòanye na woƒe dzidzimeviwo.


Eye wogblɔ na Korax kple eƒe ha blibo la bena: Etsɔ la Yehowa aɖe amesi nye etɔ, amesi le kɔkɔe, be wòate ɖe eŋu kple amesi wòaha, be woate ɖe eŋu la, afia.


Metsɔ adzɔ, siwo katã woɖena le Israel-viwo ƒe nunana kɔkɔe, siwo wona Yehowa, ŋu la na mia kple viwòŋutsuwo kple viwònyɔnuwo; ɖoɖo mavɔ wòanye. Dzenubabla wònye le Yehowa ŋku me tegbee na mia kple wò dzidzimeviwo.


Eye Axiya, Axitub vi, amesi nye Eli vi Pinexas ƒe vi, Ikabod nɔvi, nye Yehowa ƒe nunɔla le Silo, eye wòdo kɔmewu la. Ke aʋakɔ la menyae be, Yonatan dzo o.


Ke Samuel subɔna le Yehowa ŋku me, enye ɖevi, eye wòdoa aklala kɔmewu


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa