Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 2:27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Eye Mawu ƒe amea ɖe va Eli gbɔ gblɔ nɛ bena: Yehowa ƒe gbe enye si: Meɖe ɖokuinye fia fofowò ƒe aƒe, le esime wonye kluviwo le Farao ƒe me le Egipte.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

27 Gbe ɖeka la, Mawu ƒe ame aɖe va Eli gbɔ eye wògblɔ nya siawo, siwo tso Yehowa gbɔ la nɛ. “Ɖe nyemeɖe nye ŋusẽ fia esi Israelviwo nye kluviwo le Egiptenyigba dzi oa?

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 2:27
14 Mawu Ofanana  

Ke esime Yerobeam le tsitre ɖe vɔsamlekpui la dzi, be yeado dzudzɔ la, kpɔ ɖa, Mawu ƒe amea ɖe tso Yuda va Betel le Yehowa ƒe nya la nu.


Ale Salomo nyã Abyatar, be maganye Yehowa ƒe nunɔla azɔ o, ne Yehowa ƒe nya, si wògblɔ ɖe Eli ƒe aƒe ŋu le Silo la, nava me.


Eye Yehowa gblɔ na Mose kple Aron le Egipte-nyigba dzi bena:


Eye Yehowa gblɔ na Mose kple Aron bena: Esia enye ŋutitotoŋkekenyuie la ŋu ɖoɖowo: Amedzroa ɖeke mekpɔ mɔ aɖui o.


Eye Yehowa gblɔ na Aron bena: Yi ɖakpe Mose le gbea dzi! Tete wòyi ɖakpee le Mawu ƒe to la gbɔ, eye wògbugbɔ nu nɛ.


Esia nye yayra, si Mose, Mawu ƒe ame la, tsɔ yra Israel-viwo hafi ku.


Ke wò la, oo Mawu ƒe ame, si le nusiawo nu; ke dze dzɔdzɔenyenye, mawusosroɖa, dzixɔse, lɔlɔ̃, dziɖoɖo, dɔmefafa yome.


elabena nyagbɔgblɔɖia ɖeke metso lãme ƒe lɔlɔ̃nu me kpɔ o, ke boŋ Gbɔgbɔ kɔkɔe lae ʋã Mawu ƒe ame kɔkɔewo, hafi wogblɔ nya ɖi.


Tete nyɔnu la yi ɖagblɔ na srɔ̃a bena: Mawu ƒe amea ɖe va gbɔnye, ele abe mawudɔla ene, eye ŋɔdzi le eŋu ŋutɔ, ke nyemebia afisi wòtso o, eye meyɔ eƒe ŋkɔ hã nam o.


Yehowa dɔ nyagblɔɖilaa ɖe ɖo ɖe Israel-viwo gbɔ wògblɔ na wo bena: Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Nye ŋutɔe kplɔ mi tso Egipte, tso kluvinyenyeƒe me;


Gbemagbe mana nusiwo katã megblɔ ɖe Eli ƒe aƒe ŋu la, nava me; madze egɔme, eye mawu enu.


Eye wotsa le Efrayim-to kple Salisa-nyigba dzi womekpɔ wo o; wotsa le Saalim-nyigba dzi, ke womelé afima o, eye wotsa le Benyamin-nyigba dzi, gake womekpɔ wo o.


Eɖo ŋu nɛ bena: Kpɔ ɖa, Mawu ƒe amea ɖe le du keme me, eƒe ŋkɔ nya, eye nusianu, si wogblɔna la, vaa me. Eyata na miayi afima, ɖewohĩ afia mɔ, si míato la mí.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa