Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 2:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Ke Samuel subɔna le Yehowa ŋku me, enye ɖevi, eye wòdoa aklala kɔmewu

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

18 Ke Samuel ya subɔna le Yehowa ŋkume, enye ɖevi si doa aklala biɖibiɖi ƒe kɔmewu.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 2:18
9 Mawu Ofanana  

Dawid ɖu ɣe kple ŋusẽ katã le Yehowa ŋku me, eye Dawid do aklala-kɔmewu.


Dawid kple Lewi-vi, siwo tsɔ aɖaka la, hadzilawo kpakple agbatsɔlawo kple hadzilawo ƒe tatɔ Kenanya wodo aklaladziwui, eye Dawid ɖo aklalakɔmewu.


Nusiwo woatɔ wonye: akɔtaɖonu, kɔmewu, dziwui, awutewui ʋlaya, si wotsɔ deti ɣi lɔ̃e, tablanu kple alidziblanu; eye woatɔ awu kɔkɔewo na nɔviwò Aron kple viaŋutsuwo, be woazu nunɔlawo asubɔm.


Edo awutewui ʋlaya la nɛ, eye wotso alidziblanu bia edzi; emegbe wòdo dziwui la nɛ, eve wòdo kɔmewu la ɖe dzi; eyome wòtsɔ akɔblanu, si le kɔmewua ŋu la, bia akɔ nɛ,


Eye Axiya, Axitub vi, amesi nye Eli vi Pinexas ƒe vi, Ikabod nɔvi, nye Yehowa ƒe nunɔla le Silo, eye wòdo kɔmewu la. Ke aʋakɔ la menyae be, Yonatan dzo o.


Emegbe Elkana dzo yi eƒe xɔ nu le Rama; ke ɖevi la zu subɔla na Yehowa le nunɔla Eli gbɔ.


Metiae tso Israel-towo katã dome, be wòanye nunɔla nam, eye woate ɖe nye vɔsamlekpui la ŋu, woatso nu ʋeʋẽe ado dzudzɔe, eye wòado kɔmewu la le ŋkunye me, eve metso Israel-viwo ƒe dzovɔsawo katã na fofowò ƒe aƒe la


Tete fia la gblɔ na Doeg bena: Wòa te yi, ne nada nu nunɔlawo! Enumake Edomtɔ Doeg te yi heda nu nunɔlawo, eye wowu ŋutsu blanyi va atɔ, siwo do aklalakɔmewuwo la gbemagbe.


Eye Samuel ɖevi la subɔ Yehowa le Eli gbɔ. Ɣemaɣi la Yehowa meƒoa nu enuenu o, eye ŋutega kpɔkpɔ mebɔ o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa