Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 2:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Emegbe Elkana dzo yi eƒe xɔ nu le Rama; ke ɖevi la zu subɔla na Yehowa le nunɔla Eli gbɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

11 Ale Elkana yi aƒe me le Rama, ke ɖevi la subɔ le Yehowa ŋkume le nunɔla Eli ƒe kpɔkplɔ te.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 2:11
7 Mawu Ofanana  

Ŋutsua ɖe tso Ramatayim-Zofim le Efrayim-to la dzi, eŋkɔ nye Elkana, amesi nye Yeroxam vi, amesi nye Elihu vi, amesi nye Toxu vi, amesi nye Zuf vi, eye wònye Efrayimtɔ.


Eye wòfɔ ŋdi kanya ɖado gbe ɖa le Yehowa ŋku me, emegbe wotrɔ yi woƒe xɔ nu le Rama. Eye Elkana do srɔ̃ Xana gbɔ, eye Yehowa ɖo ŋku edzi.


Eyata mekplɔe ve na Yehowa le eƒe agbe me ŋkekewo katã me, elabena Yehowa si me wobiae le. Eye wòdo gbe ɖa na Yehowa le afima.


Ke Samuel subɔna le Yehowa ŋku me, enye ɖevi, eye wòdoa aklala kɔmewu


Eye Samuel ɖevi la subɔ Yehowa le Eli gbɔ. Ɣemaɣi la Yehowa meƒoa nu enuenu o, eye ŋutega kpɔkpɔ mebɔ o.


Eye Samuel mlɔ anyi, vaseɖe esi ŋu ke, eye woʋu Yehowa ƒe xɔ la ƒe ʋɔtru. Ke Samuel le ŋutega la gbɔgblɔ na Eli vɔ̃m.


Emegbe wòtrɔna va Rama, elabena afima eƒe xɔnu le, eye wodrɔ̃a ʋɔnu na Israel le afima, eye woɖi vɔsamlekpui ɖe afima na Yehowa.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa