Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 19:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Tete Yonatan yɔ Dawid hegblɔ nyawo katã nɛ, eye Yonatan kplɔ Dawid vɛ na Saul wònɔ egbɔ abe tsã ene.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Yonatan yɔ David emegbe eye wòka nya si dzɔ la ta nɛ. Ekplɔ David yi Saul gbɔ eye wo dome ganɔ abe tsã ene.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 19:7
10 Mawu Ofanana  

Eye Yakob kpɔ be, Laban megakɔa ŋku me ɖee abe tsã ene o.


Menye egbe o, menye etsɔ o, esime Saul nye fia la, wòe kplɔa Israel doa goe gakplɔnɛ gbɔnɛ, eye Yehowa, wò Mawu la, gblɔ na wò bena: Wòe le nye dukɔ Israel kplɔla nye ge, eye wòe anye amegã de nye dukɔ Israel nu.


Tete Mose gblɔ na Yehowa bena: Taflatse, Aƒetɔ, nyemenya nuƒoƒo o, eye esia metso etsɔ kple nyitsɔ alo tso esime nède asi nuƒoƒo me kple wò dɔla o, elabena nye aɖe metrɔna ɖe nya ŋuti o.


Elabena wodzra dzotɔƒe ɖo ɖi xoxo, fiawo hãe wodzrae ɖo ɖi na, eye wògoglo hekeke; dzo kple nake li kpaŋkpaŋ hekpe ɖe eƒe nakekɔwo ŋu; Yehowa ƒe gbagba enye aŋɔtoʋu, si ato dzoe.


Ale Dawid va Saul gbɔ, eye wòtsi tre ɖe eŋku me, eƒe nu lé dzi nɛ ŋutɔ, eye wòtrɔ zu eƒe adekplɔvi.


Esi ŋu ke la, gbɔgbɔ vɔ̃ tso Mawu gbɔ va dze Saul dzi, eye wòdze agbo le aƒea me; ke Dawid tsɔ eƒe asi ƒo saŋku abe tsã ene, eye Saul lé akplɔ ɖe asi.


Eye Saul ɖee ɖa le eɖokui ŋu hetsɔ ɖo amegã ɖe ame akpe nu, eye wòdona dzea dukɔ la ŋgɔ gagbɔna kpli wo.


Eye Saul xɔe gbemagbe, eye meɖe mɔ nɛ be, wòagbugbɔ ayi fofoa ƒe me o.


Tete Saul ɖo to Yonatan ƒe gbe, eye Saul ka atam bena: Meta Yehowa ƒe agbe, ne woawui fi!


Eye aʋa gadzɔ, eye Dawid yi ɖawɔ aʋa kple Filistitɔwo, eye wowu wo dometɔ geɖewo ŋutɔ, ale be wòsi le wo nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa