Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 19:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Enumake Saul dɔ amewo ɖo ɖa, be woaɖakplɔ Dawid va; ke esi wokpɔ nyagblɔɖilawo ƒe ha le nya gblɔm ɖi, eye Samuel nye tatɔ le wo nu la, Mawu ƒe gbɔgbɔ va Saul ƒe dɔlawo dzi, ale be woawo hã gblɔ nya ɖi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

20 eɖo asrafowo ɖa be woalée vɛ. Ke esi woɖo afi ma eye wokpɔ Samuel kple nyagblɔɖila bubuwo nɔ nya gblɔm ɖi la, Mawu ƒe Gbɔgbɔ va wo dzi eye woawo hã de asi nyagbɔgblɔɖi me.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 19:20
13 Mawu Ofanana  

Eye Bileam fɔ kɔ dzi, kpɔ alesi Israel ƒu asaɖa anyi tototoe. Tete Mawu ƒe gbɔgbɔ va edzi,


Farisitɔwo se alesi amewo le nusiawo ƒe liʋiliʋi lim le eŋuti. Eye farisitɔwo kple nunɔlagãwo dɔ atikplɔtɔwo ɖa, bene woaɖalée.


ke amesi le nya gblɔm ɖi la, eƒoa nu na amewo hegblɔa amedoɖeŋgɔgbenya, nuxlɔ̃menya kple akɔfafanyawo.


Esi wòva ɖo Gibea la, kpɔ ɖa, nyagblɔɖilawo ƒe haa ɖe va do goe, eye Mawu ƒe gbɔgbɔ dze edzi wògblɔ nya ɖi le wo dome.


Tete Saul dɔ amewo ɖo ɖe Dawid ƒe me, be woadzɔ eŋu, eye ne ŋu ke la, woawui. Eye Dawid srɔ̃ Mixal gblɔ nɛ bena: Ne mèɖe wò agbe le zã sia me o la, ekema ne ŋu ke la, àku!


Tete Saul ɖɔ amewo ɖo ɖa, be woaɖakplɔ Dawid ve; ke egblɔ be, ele dɔ lém.


Tete wova gblɔe na Saul be: Kpɔ ɖa, Dawid le Nayot le Rama.


Eye wova gblɔe na Saul, tete wòda dɔla bubuwo ɖo ɖa, eye woa wo hã gblɔ nya ɖi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa