19 Tete wova gblɔe na Saul be: Kpɔ ɖa, Dawid le Nayot le Rama.
19 Esi Saul se be David nɔ Nayɔt le Rama la,
Dziɖula, si ɖoa to alakpanya la, ame vɔ̃ɖiwo nye eƒe dɔlawo katã.
Ke Dawid si dzo, eye wòva Samuel gbɔ le Rama hegblɔ nusiwo katã Saul wɔe la, na Samuel, eye eya kple Samuel wònɔ Nayot.
Enumake Saul dɔ amewo ɖo ɖa, be woaɖakplɔ Dawid va; ke esi wokpɔ nyagblɔɖilawo ƒe ha le nya gblɔm ɖi, eye Samuel nye tatɔ le wo nu la, Mawu ƒe gbɔgbɔ va Saul ƒe dɔlawo dzi, ale be woawo hã gblɔ nya ɖi.
Eye Siftɔwo va Saul gbɔ le Gibea gblɔ bena: Kpɔ ɖa, Dawid ɣla eɖokui ɖe mía gbɔ le bebeƒe ɖe ave me le Xaxila-togbɛ, si le gbegbe ƒe dziehe la dzi.
Eye Siftɔwo va Saul gbɔ le Gibea gblɔ bena: Kpɔ ɖa, Dawid yia eɖokui ɖe Xaxila-togbɛ la dzi le gbegbe la kasa.