Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 19:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Tete Saul gblɔ na Mixal bena: Nukaŋuti nèflum, eye neɖe asi le nye futɔ ŋu wòsii? Mixal ɖo ŋu na Saul bena: Egblɔ nam be, ɖe asi le ŋunye mayi, ne menye nenem o la, mawu wò!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

17 Saul bia via Mixal be, “Nu ka ta nèblem eye nèna nye futɔ si?” Mixal ɖo eŋu be, “Ɖe kokoko wòle nam be mable wò elabena srɔ̃nye gblɔ nam be ne nyemekpe ɖe ye ŋu o la, yeawum.”

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 19:17
10 Mawu Ofanana  

Eye Absalom ƒe dɔlawo va nyɔnu la gbɔ le aƒea me hebia bena: Afika Aximaaz kple Yonatan wole? Nyɔnu la ɖo ŋu na wo bena: Woyi to la godo. Eye esi wodi wo, eye womekpɔ wo o la, wogbugbɔ va Yerusalem.


Abner gagblɔ na Asahel bena: Trɔ le yonyeme dzro! Nukata mada nu wò aƒu anyi? Aleke mawɔ agate gu akpɔ nɔviwò Yoab ŋku mea?


Tete Axab gblɔ na Eliya bena: Nye keto, èkpɔma? Eɖo ŋu bena: Mekpɔ wò; elabena ètsɔ ɖokuiwò ƒle na nu vɔ̃ɖi wɔwɔ le Yehowa ŋku me.


Esi Herodes kpɔ bena, nunyalawo flu ye la, edze agbo ɖo dɔmedzoe ŋutɔ, eye wòdɔ woɖawu ŋutsuvi, siwo katã le Betlexem kple eƒe nutowo katã me, esiwo xɔ ƒe eve kple esiwo mexɔ nenema haɖe o, ɖe alesi wòbia ɣeyiɣi la tsitotsito tso nunyalawo gbɔe la nu.


Esi megblɔ nyateƒe na mi la, eyata mezu miaƒe futɔ mahã?


Tete Saul ɖɔ amewo ɖo ɖa, be woaɖakplɔ Dawid ve; ke egblɔ be, ele dɔ lém.


Esi dɔlawo va la, kpɔ ɖa, aklama kpakpɛ le aba dzi, eye gbɔ̃fuvɔ le eƒe tade.


Eye fia la gblɔ na blafo, siwo le tsitre ɖe egbɔ bena: Mile yi, ne miawu Yehowa ƒe nunɔlawo, elabena woawo hã ƒe asi le Dawid ƒe nya me, eye wonyae bena, ɖe wòsi, gake womeva fi tofi nam o! Ke fia ƒe dɔlawo melɔ̃ be, yewoado yewoƒe asi ɖa ada nu Yehowa ƒe nusiawo o.


Esi nyɔnua kpɔ Samuel la, edo ɣli sesĩe. Eye nyɔnu la gblɔ na Saul bena: Nukaŋuti nèblem? Evɔ wònye wòe nye Saul hafi!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa