Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 18:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye Dawid yia afisiafi, si Saul ɖoe ɖo, eye wòdze adaŋu; Saul tsɔe do aʋawɔlawo katã nu, eye eƒe nu nyo dukɔ blibo la kple Saul ƒe dɔlawo ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 David zu Saul ƒe kpeɖeŋutɔ tɔxɛ eye wòwɔa dɔ sia dɔ si wòde asi nɛ la nyuie. Saul tsɔe ɖo aʋafiae ɖe eƒe aʋakɔwo nu eye nu sia dze asrafoawo kple ame bubuawo siaa ŋu.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 18:5
20 Mawu Ofanana  

Eye gaxɔdzikpɔla metsɔ ɖeke le nusi wòwɔna la me o, elabena Yehowa li kplii, eye nusianu, si wòwɔ na la Yehowa na wòdzea edzi nɛ.


Eye Dawid le ŋusẽ kpɔm ɖe dzi, eye Yehowa, aʋakɔwo ƒe Mawu la, li kplii.


Tsã esi Saul nye fia ɖe Israel nu la, wòe kplɔa Israel ɖoa goe, eye negakplɔnɛ gbɔnɛ, eye Yehowa gblɔ na wò bena: Wòe anyi nye dukɔ Israel, eye nanye amegã ɖe Israel nu!


Eye Yehowa nɔ kple Yosafat, elabena ezɔ fofoa Dawid ƒe mɔ tsãtɔwo dzi, eye mebia Baal ta se o;


Eyama ɖi ati, si woɖo ɖe tɔʋuwo to, si tsena le etseɣi, eye eƒe aŋgbawo melũa xe o; eye nusianu, si wówɔna la, ewɔnɛ wua nu nyuie!


Malé ŋku ɖe maɖifɔmɔ ŋu. Ɣekaɣi nèle gbɔnye va ge? Mazɔ le nye dzi ƒe fɔmaɖimaɖi me le aƒenye me.


Kpɔ ɖa, nye la mele mia dɔm abe alẽwo ene ɖe amegãxiwo dome; eyaŋuti midze adaŋu abe dawo ene, eye midza abe ahɔ̃nɛwo ene.


eye woɖee tso eƒe xaxawo katã me; eye wòna amenuveve kple nunyae le Farao, Egipte-fia la ƒe ŋku me, eye wòtsɔe ɖo dziɖula ɖe Egipte kple eƒeme blibo la katã dzi.


Eyaŋuti la migazu bometsilawo o, ke boŋ midze si nusi nye Aƒetɔ la ƒe lɔlɔ̃nu.


Mizɔ le nunya me le amesiwo le egodo la ŋku me, eye miwo ɣeyiɣi la ŋuti dɔ blibo.


Eye Yehowa nɔ kple Yuda, ale be wòte ŋu xɔ to la, ke mete ŋu nyã amesiwo nɔ bali me la ɖa o, elabena gatasiaɖamwo le wo si.


Saul tia ame akpe etɔ̃ tso Israel. Ame akpe eve le Saul ŋu le Mixmas kple Betel-to dzi, eye ame akpe ɖeka le Yonatan ŋu le Gibea-Benyamin; ke eɖe asi le dukɔ la ƒe ame mamleawo ŋu, amesiame yi eƒe agbadɔ me.


Eye Saul wo aʋa kple Filistitowo vevie le eƒe agbe me ŋkekewo katã me. Ne Saul nya kpo ŋutsu kakoa ɖe alo kalẽtɔa ɖe ko la, ekplɔnɛ ɖe eɖokui ŋu.


Ke Israel blibo la kple Yuda lɔ̃a Dawid ƒe nya, elabena edona dzea wo ŋgɔ, eye wògagbɔna kpli wo.


Eye wòva me, ne Filistitɔwo ƒe amegãwo ho, eye zi geɖe alesi woho la, edzea dzi na Dawid wu Saul ƒe dɔlawo katã, eye eƒe ŋkɔ de du ŋutɔ.


Eye Yonatan ɖe awu ʋlaya, si le eŋu la, tsɔ na Dawid hekpe ɖe eƒe aʋawu kple yi, dati kple alidziblanu ŋu.


Esi wogbɔ tso Dawid ƒe Filistitɔa wuƒe la, nyɔnuwo tso Israel-duwo katã me le ha dzim hele ɣe ɖum va kpe fia Saul; wole axatsɛ ƒom, le aseye tsom, eye wole gakogoe ƒom.


Samuel va tsi, eye Yehowa nɔ kplii, eye mena nyaa ɖeke to le nya, siwo wògblɔ la me o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa