Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 18:28 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

28 Esi Saul kpɔ dze sii be, Yehowa li kple Dawid, eye Saul vinyɔnu Mixal lɔ̃a eƒe nya la,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

28 Esi Saul kpɔ ale si Yehowa nɔ kple David kple ale si ameawo katã lɔ̃e hã la,

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 18:28
10 Mawu Ofanana  

Wogblɔ nɛ bena: Míekpɔ dze sii keŋ bena, Yehowa li kpli wò; eyata míegblɔ be, anyo be, míaka atam na mía nɔewo, eye míabla nu kpli wò,


Tete Laban gblɔ nɛ bena: Ve nunye dzro! Elabena medze sii bena, Yehowa yram le tawo.


Esi eƒe aƒetɔ kpɔ bena, Yehowa li kplii, eye Yehowa na nusianu, si wòwɔna, dzea edzi nɛ la,


Kpɔ ɖa, maɖe Satana ƒe ƒuƒoƒemetɔa ɖewo, amesiwo gblɔna bena, Yudatɔwo yewonye, eye womenyee o, ke boŋ aʋatso wokana la; kpɔ ɖa, mawɔ wo be, woava ade ta agu ɖe wò afɔ nu, eye woadze sii be, nye la melɔ̃ wò.


Gake Saul ƒe vinyɔnu Mixal lɔ̃ Dawid ƒe nya; esi wova gblɔe na Saul la, ma la dze eŋu.


Dawid kple eƒe amewo ho yi ɖawu ame alafa eve le Filistitɔwo dome, eye wotsɔ woƒe aʋanuyiwo vɛ na fia la wòde pɛpɛpɛ, bena ne woazu fia ƒe to. Tete Saul tsɔ vianyɔnu Mixal nɛ wòɖe.


Saul gavɔ Dawid ɖe dzi, eye wòlé bli ŋkekeawo katã.


Ɖe amea ɖe atu eƒe futɔ, eye wòana wòalé eƒe mo kɔ̃a? Eyata Yehowa natsɔ nyui aɖo eteƒe na wò le nusi nèwɔ nam egbe la ta!


Eye Saul gblɔ na Dawid bena: Woayra wò, vinye Dawid; àdze egɔme, eye awu enu! Tete Dawid lé eƒe mɔ, eye Saul gbugbɔ yi enɔƒe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa