Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 18:25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Eye Saul gblɔ be: Ale miagblɔ na Dawid enye si: Fia mele srɔ̃ɖenua ɖeke dim o, negbe Filistitɔwo ƒe aʋanuyi alafa ɖeka ko, ne woabia hlɔ̃ fia ƒe futɔwo. Ke Saul bu be, yeana Dawid natsi Filistitɔwo si me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

25 Saul gblɔ na wo be, “Migblɔ na David be srɔ̃ɖenu si medi tso esi koe nye Filistitɔ alafa ɖeka ƒe aʋanuyiwo: hlɔ̃biabia nye futɔwo koe nye nu si mehiã.” Ke ta me si Saul ɖo lae nye be woawu David le aʋa la me!

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 18:25
13 Mawu Ofanana  

Eye Yakob lɔ̃a Raxel, eyata wògblɔ bena: Masubɔ wò ƒe adre le Raxel, wò nyɔnuvi ɖevitɔ la ta.


Tabianu kple akpedanu, alesi nu miabiam la, mana, abe alesi miedi ene; mitsɔ ɖetugbivi la nam made ko.


Tete Dawid dɔ amewo ɖo ɖe Saul vi Is-Boset, ne woagblɔ nɛ be: Kplɔ srɔ̃nye Mixal, si metsɔ Filistitɔwo ƒe aʋanuyi alafa ɖeka ɖe la, vɛ nam!


Tete Yosua tso kpe wo hɛwo hetso aʋa na Israel-viwo le Aralot-togbɛ la gbɔ.


Ke ɖeɖi te Israel-ŋutsuwo ŋu gbemagbe, eye Saul ka atam na dukɔ la bena: Aɖi amesi aɖu nu, hafi fiẽ naɖo la ŋu, vaseɖe esime mabia hlɔ̃ nye futɔwo hafi! Eye aʋakɔ blibo la mede naneke nu me o.


Tete Dawid bia ŋutsu, siwo le tsitre ɖe egbɔ bena: Nuka woawɔ na amesi awu Filistitɔ ma, eye wòaɖe ŋukpe ɖa le Israel ŋu la? Elabena ameka nye Filistitɔ bolotɔ sia, be wòanɔ alɔme ɖem le Mawu gbagbe la ƒe aʋalɔgoawo ŋu?


Alesi wò ɖɔla ƒoa dzata kple sisiblisi la, nenema ke wòava me na Filistitɔ bolotɔ sia abe wo dometɔ ɖeka ene, elabena Mawu gbagbe la ƒe aʋalɔgowo ŋu wòɖe alɔme le.


Eye Saul gblɔ na Dawid bena: Kpɔ ɖa, matsɔ vinyenyɔnu xoxoetɔ Merab na wò naɖe; nye kalẽtɔ nam ko, eye wɔ Yehowa ƒe aʋa wo! Ke Saul gblɔ be: Matsi ye si me o, boŋ netsi Filistitɔwo si me!


Tete Saul ƒe dɔlawo va gblɔe ne bena: Ale kple ale Dawid gblɔ esi.


Eye Saul gblɔ na via Yonatan kple eƒe dɔlawo katã bena, woawu Dawid; ke Dawid ƒe nu lé dzi na Saul vi Yonatan.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa