Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 18:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Dawid gblɔ na Saul bena: Ameka menye, ameka nɔvinyewo nye, eye nuka fofonye ƒe ƒome nye le Israel, ne mahayi fia ƒe to nye ge?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

18 David gblɔ le eɖokui me be, “Ame kae nye kple nye ƒome kpakple hlɔ̃ nye le Israel be maɖe fiavi? Fofonye ƒe ƒome mele ɖeke me o!”

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 18:18
9 Mawu Ofanana  

Eye fia Dawid yi ɖabɔbɔ nɔ Yehowa ŋku me hegblɔ bena: Aƒetɔ Yehowa, ameka menye, eye nuka nye aƒe nye be, nèkplɔm vaseɖe fifi?


Aximaaz le Naftali nu, eya hã ɖe Salomo ƒe vinyɔnu Basmat:


Ke Mose gblɔ na Mawu bena: Ameka menye, be mayi Farao gbɔ, eye makplɔ Israel-viwo adzoe atso Egipte?


Yehowa-vɔvɔ̃ enye amehehe, si kplɔa ame dea nunya me; ɖokuibɔbɔ nye xoxo na bubu.


Hafi ame nadze anyi la, eƒe dzi dana gbã; ɖokuibɔbɔ doa ŋgɔ na bubu.


Eye megblɔ bena: Oo, Aƒetɔ Yehowa, kpɔ ɖa, nyemate ŋu aƒo nu o, elabena nyemetsi o.


Tete wòɖe ta agu hegblɔ nɛ bena: Aleke nève nunye, eye nèbu nye amesi nye amedzro la ale gbegbe?


Saul ƒe dɔlawo gblɔ nya siawo ɖe Dawid ƒe to me, eye Dawid gblɔ bena: Nu tsɛ wònye le mia ŋku me be, woazu fia ƒe toa? Ke nye la ame dahe menye, eye nyemele ɖeke me o.


Saul ɖo ŋu gblɔ bena: Ɖe menye Benyamintɔ menye tso Israel ƒe to suetɔ me, eye nye ƒome enye gblɔetɔ le Benyamin-to la ƒe ƒomeawo me oa? Nya ka enye si gblɔm nèle nam?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa