Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 18:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Dawid ƒe mɔwo katã dzea edzi, elabena Yehowa li kplii.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

14 Ke nu sia nu si wòwɔna la dzea edzi nɛ elabena Yehowa li kplii.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 18:14
18 Mawu Ofanana  

Eye gaxɔdzikpɔla metsɔ ɖeke le nusi wòwɔna la me o, elabena Yehowa li kplii, eye nusianu, si wòwɔ na la Yehowa na wòdzea edzi nɛ.


Eye Dawid le ŋusẽ kpɔm ɖe dzi, eye Yehowa, aʋakɔwo ƒe Mawu la, li kplii.


Eye Yehowa nɔ kplu, afisiafi, si wòyi la, edzea edzi nɛ Eye wòdze aglã ɖe Asur-fia ŋu, eye megasubɔe o.


eye wòɖe amewo ɖo Edom. Ale Edomtɔwo katã zu Dawid teviwo, eye Yehowa kpe ɖe Dawid ŋu afisiafi, si wòyi.


Eye Dawid ɖe amewo ɖo Aramtɔwo ƒe Damasko, eye Aramtɔwo zu Dawid teviwo hedzɔ nu nɛ. Ale Yehowa kpe ɖe Dawid ŋu le afisiafi, si wòyi.


Eye Yehowa nɔ kple Yosafat, elabena ezɔ fofoa Dawid ƒe mɔ tsãtɔwo dzi, eye mebia Baal ta se o;


Malé ŋku ɖe maɖifɔmɔ ŋu. Ɣekaɣi nèle gbɔnye va ge? Mazɔ le nye dzi ƒe fɔmaɖimaɖi me le aƒenye me.


„Kpo da, ɖetugbi, si menya ŋutsu o la, le fu fɔ ge, eye wòadzi ŋutsuvi, eye woayɔ eƒe ŋkɔ be Imanuel, si gome ènye: Mawu li kpli mi.“


miaha wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la; eye kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.


elabena nye la meli kpli wò, eye amea ɖeke maɖo ɖe dziwò be, yeawɔ vɔ̃a ɖeke wò o; elabena ame geɖe le asinye le du sia me.


Eye Yehowa nɔ kple Yosua, ale be eƒe ŋkɔ kaka ɖe anyigba la katã dzi.


Eye Yehowa nɔ kple Yuda, ale be wòte ŋu xɔ to la, ke mete ŋu nyã amesiwo nɔ bali me la ɖa o, elabena gatasiaɖamwo le wo si.


Ne dzesi siawo va me na wò la, ekema wo nusi tsɔ ɖe asi gbɔ na wò, elabena Mawu li kpli wò!


Tete ɖekakpuiawo dometɔ ɖeka gblɔ bena: Kpo ɖa, mekpɔ Betlexemtɔ Isai ƒe viŋutsua ɖe, si nya saŋkuƒoƒo; enye kalẽtɔ, eye wònye aʋame, enya nuƒoƒo, eye wòdze ɖeka, eye Yehowa li kplii.


Esi Saul kpɔ be, nuwo dzea dzi nɛ ŋutɔ la, ede asi evɔvɔ̃ me.


Eye aʋa gadzɔ, eye Dawid yi ɖawɔ aʋa kple Filistitɔwo, eye wowu wo dometɔ geɖewo ŋutɔ, ale be wòsi le wo nu.


Samuel va tsi, eye Yehowa nɔ kplii, eye mena nyaa ɖeke to le nya, siwo wògblɔ la me o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa