53 Eye Israel-viwo trɔ tso Filistitɔwo yometiti me heva ha woƒe asaɖawo.
53 Israelviwo trɔ le Filistitɔwo yome eye wova ha nuwo le woƒe asaɖa me.
eya tsi tre, eye wòdza amewo le Filistitɔwo dome, vaseɖe esime ɖeɖi te eƒe asi ŋu, eye yi la lé ɖe asi me nɛ. Yehowa na woɖu dzi gãa ɖe gbemagbe, eye dukɔ blibo la gbugbɔ dze eyome, be woaɖaha nu.
Eyata woaɖu amesiwo katã ɖu wò, eye wò ketɔwo katã ayi aboyo me; woaha amesiwo ha wò, eye woada adzo amesiwo katã da adzo wò.
Gligbagbã tsia ɖe wo nɔewo nu, elabena wogblẽ anyigba blibo la; woagblẽ nye xɔwo enumake kple nye agbadɔwo le aɖabaƒoƒo ɖeka me.
Eye Israel-ŋutsuwo kple Yuda-ŋutsuwo ho, eye wotso aseye heti Filistitɔwo yome vaseɖe bali la me kple Ekron ƒe agbo nu, eye Filistitɔwo tsi aʋa ɖe Saarayim-mɔ dzi vaseɖe Gat kple Ekron.
Eye Dawid tsɔ Filistitɔ la ƒe ta va Yerusalem, eye wotsɔ eƒe aʋawɔnuwo da ɖe eƒe agbadɔ me.
Etsɔ eƒe agbe ɖo asiƒo me hewu Filistitɔ la, eye Yehowa ɖu dzi gãa ɖe na Israel blibo la. Wo ŋutɔ èkpɔe, eye dzi dzɔ wò; nukaŋuti nèbe, yeada vo ɖe ʋu maɖifɔ ŋu ahawu Dawid dzodzro?