Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 17:50 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

50 Ale Dawid tsɔ akafo kple kpe la kpɔ ŋusẽ ɖe Filistitɔ la dzi, eye wòƒo Filistitɔ la hewui; ke yi mele Dawid si o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

50 Ale David ɖu Filistitɔ la dzi kple aŋetu kple kpe ɖeka, yi menɔ esi o gake ekpe le Filistitɔ la dzi eye wòwui.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 17:50
9 Mawu Ofanana  

Eye wòkpɔ tedziglã mumua ɖe hedo asi ɖa tsɔe wu ame akpe ɖeka.


Eye Samgar, Anat vi, dze eyome, amesi tsɔ nyikplɔti wu Filistitɔ ame alafa ade, eye eya hã ɖe Israel.


Esi aʋakpegbe ɖo la, womekpɔ yi alo akplɔ le dukɔ blibo, si le Saul kple Yonatan ŋu la si o, negbe Saul kple via Yonatan si ko wole.


Eye Dawid ta eƒe yi ɖe awu la dzi, eye wòde asi zɔɖeɖe me, elabena mete edodo kpɔ o. Tete Dawid gblɔ na Saul bena: Nyemate ŋu anɔ alea ayi o, elabena nyemedoe kpɔ o. Eye Dawid ɖe wo ɖi.


Tete Dawid ƒo asi ɖe akplɔ me ɖe kpe ɖeka da kple akafo heƒo Filistitɔ la ƒe ŋgonu, eye kpe la ŋɔ eƒe ŋgonu, wòmũ tsyɔ mo anyi.


Tete Dawid ƒu du te ɖe Filistitɔ la ŋu, eye wò ɖi eƒe yi le aku me hewui, eye wòtsɔe tso ta le enu. Esi Filistitɔwo kpɔ bena, woƒe kalẽtɔ ku la, wòsi.


Etsɔ eƒe agbe ɖo asiƒo me hewu Filistitɔ la, eye Yehowa ɖu dzi gãa ɖe na Israel blibo la. Wo ŋutɔ èkpɔe, eye dzi dzɔ wò; nukaŋuti nèbe, yeada vo ɖe ʋu maɖifɔ ŋu ahawu Dawid dzodzro?


Eye Dawid gblɔ na Aximelex bena: Akplɔ alo yia ɖeke mele asiwò le afisia oa? Nyemetsɔ nye yi alo aʋawɔnua ɖeke ɖe asi o, elabena fia ƒe nya la le kplakplakpla dzi.


Saul gblɔ bena: Yehowa ayra mi, elabena mieve nunye!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa