Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 17:47 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

47 eye ameha blibo sia nadze sii bena, Yehowa metsɔa yi alo akplɔ ɖea ame o; elabena aʋa enye Yehowa tɔ, eye eyae atsɔ mi ade asi na mí.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

47 Ale ame siwo katã ƒo ƒu ɖe afi sia la woanyae be menye yi alo akplɔ Yehowa tsɔna ɖea ame o, elabena aʋa la nye Yehowa tɔ eye wòatsɔ mi katã ade mía si me.”

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 17:47
15 Mawu Ofanana  

Tete eya kple eƒe ameha blibo la wogbugbɔ va Mawu ƒe ame la gbɔ, eye wòva egbɔ gblɔ bena: Kpɔ ɖa, azɔ medze sii bena, mawu ɖeke mele anyigba blibo la dzi o, negbe le Israel ko. Eyata xɔ nunanaa ɖe tso wò dɔla si!


Tete Yehowa si Kusiviwo le Asa kple Yuda ŋgɔ, ale be Kusitɔwo si.


Midzudzɔ, ne miadze sii be, nyee nye Mawu; meɖo kpo ɖe dukɔwo dzi, meɖo kpo ɖe anyigba dzi!


Aƒetɔ la gblɔ nya ɖo ɖe Yakob, eye wòva ƒo ɖe Israel dzi,


Ke makpɔ nublanu: na Yuda ƒe aƒe la, eye maxa na wo to Yehowa, woƒe Mawu la dzi, menye dati, yi kple aʋawɔwɔ, sɔwo kple sɔdolawo matsɔ axa na wo o.


Tete wòɖo ŋu gblɔ nam bena: Yehowa ƒe gbe na Zerubabel enye si: Mava me to aʋa-kɔ alo ŋusẽ me o, ke hoŋ to nye gbɔgbɔ dzi, Yehowa Zebaot ye gblɔe!


Azɔ, nuka gblɔ ge míala le esia ŋutii? Ne Mawu le mia dzi la, ameka atsi tre ɖe mía ŋutii?


Gake le nusiawo katã me míeɖua dzi glo le amesi lɔ̃ mi la ŋuti.


Eye Yehowa gblɔ na Yosua bena. Megavɔ̃ o, elabena matsɔ wo ade asi na wò, eye wo dometɔa ɖeke manɔ te ɖe ŋuwò o.


Eye Yonatan gblɔ na ɖekakpui, si nye eƒe adekplɔvi la bena: Va miyi bolotɔ siawo ƒe dzɔlawo gbɔ! Ɖewohĩ Yehowa awɔ nane ɖe mía nu, elabena mesesẽ na Yehowa be, wòatsɔ ame geɖe alo ame ʋee axɔ na ame o!


Eye Saul gblɔ na Dawid bena: Kpɔ ɖa, matsɔ vinyenyɔnu xoxoetɔ Merab na wò naɖe; nye kalẽtɔ nam ko, eye wɔ Yehowa ƒe aʋa wo! Ke Saul gblɔ be: Matsi ye si me o, boŋ netsi Filistitɔwo si me!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa