Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 17:43 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

43 Tete Filistitɔ la gblɔ na Dawid bena: Avũe menye, hafi nèfɔ kpowo gbɔna gbɔnyea? Eye Filistitɔ la yɔ eƒe mawuwo ƒo fi de Dawid.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

43 Goliat do ɣli bia David be, “Avue menye hafi nètsɔ kpo ɖe ŋunyea?” Eyɔ woƒe mawuwo ƒe ŋkɔwo tsɔ ƒo fi de David.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 17:43
14 Mawu Ofanana  

Dukɔwo asubɔ wò, eye ƒomewo anɔ wò ŋusẽ te. Aɖu aƒetɔ ɖe nɔviwòwo nu, eye dawòviwo adze klo na wò. Amesi ke aƒo fi ade wò la, woaƒo fi adee, eye amesi ke ayra wò la, wõayrae!


Esi fia Dawid va Baxurim la, kpɔ ɖa, ŋutsua ɖe, si tso Saul ƒe aƒe ƒe ƒome la me, si ŋkɔ nye Simei, Gera vi la, do tso afima va le ɖiŋu dom.


Zeruya vi Abisai gblɔ na fia la bena: Nukaŋuti avũ kuku sia anɔ ɖiŋu dom na nye aƒetɔ fia la? Na mayi aɖatso ta le enu!


Tete Abner do dɔmedzoe le Is-Boset ƒe nyawo ta gblɔ bena: Avũ ta menye tso Yuda? Meve fofowò ƒe aƒe kple nɔviawo kpakple xɔlɔ̃awo nu egbea, eye nyemetsɔ wò de asi na Dawid o; eye wòa nèle nya hem de ŋunye le nyɔnu ta fifia?


Ke eya de ta agu gblɔ bena: Ameka nye wò dɔla, be nètrɔ ɖokuiwò ɖe nye, amesi nye avũ kuku la ŋu?


Tete Ben-Hadad dɔ ame ɖo ɖee, ne woagblɔ nɛ bena: Mawuwo afiam agafiam ɖe dzi, ne Samaria ƒe ke asɔ gbɔ ayɔ aʋakɔ, siwo katã kplɔm ɖo ƒe asiʋlo me fi!


Xazael gblɔ be: Nuka wò dɔla, avũ, nye be, wòawɔ nu gã sia? Elisa gblɔ bena: Yehowa ɖee fiãm be, wòe le fia ɖu ge ɖe Aram dzi.


Alesi atsutsure dzena, eye sagbadre saa agbae la, nenema nye tiƒoƒo de ame naneke mawɔmawɔ.


Eyata va naƒo fi ade dukɔ sia nam, elabena ekpe dzinye! Ɖewohi mate ŋu aɖu edzi, eye manyãe ɖa le anyigba la dzi. Elabena menyae bena, amesi neyra la, eya ŋu yayra nɔna, eye amesi ne ƒo fi de la, eya ŋu fiƒode nɔna.


woyi agble ɖaxa woƒe weintsetsewo hewɔ wein, eye woɖu akpedadaŋkekenyuie: woyi de woƒe mawu ƒe me ɖu nu no nu, eye woɖo ɖiŋu na Abimelex.


Eye ŋutsu, siwo nye dzɔlawo, ɖo gbe Yonatan kple eƒe adekplɔvi bena: Miva mía gbɔ, ne miagblɔ nyaa ɖe na mi! Tete Yonatan gblɔ na eƒe adekplɔvi bena: Dze yonyeme, elabena Yehowa tsɔ wo ɖe asi na Israel!


Abe alesi blematɔwo doa lo ene be: Ame vɔ̃ɖiwo gbɔ nu vɔ̃ɖi tsona! Ke nye asi made ŋuwò o!


Ameka gɔ̃ yome Israel-fia la dze, eye ameka yome nètí? Avũ kuku alo dosu ɖeka kolia?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa