Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 17:37 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

37 Dawid gagblɔ bena: Yehowa, si ɖem tso dzata kple sisiblisi si me la, eya ke aɖem tso Filistitɔ sia si me. Tete Saul gblɔ na Dawid bena: Heyi, Yehowa nanɔ kpli wò!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

37 Yehowa, ame si ɖeam tso dzata kple sisiblisi ƒe fewo kple aɖuwo me la, kee aɖem tso Filistitɔ sia hã si me!”

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 17:37
21 Mawu Ofanana  

Lé dzi de ƒo, eye na míasẽ ŋu na míaƒe dukɔ kple mía Mawu ƒe du la; eye Yehowa awɔ nusi dze eŋu!


Eyata vinye, Yehowa ana kpli wò, natu Yehowa, wò Mawu ƒe xɔ la aɖe goe dedie, abe alesi wògblɔ ɖe ŋuwò ene.


Sika kple klosalo, akɔbli kple gayibɔ mele xexlẽ me o; eyata tso de do la ŋu, eye Yehowa ano kpli wò!


Dawid tɔ na henɔ la. Yehowae mesi tso. Aleke miele gbɔgblɔm nam be: Misi yi miaƒe towo dzi abe xevi ene?


Yehowa li kplim, nyemavɔ̃ o, nuka amegbetɔ awɔm?


Gbesigbe meyɔ wò la, ètɔ nam, ède dzi ƒo nam, eye nèɖo ŋusẽ nye luʋɔ.


Ne medo ŋku dziwo le nye aba dzi, ne menya le zã, eye mebu ŋuwò le,


Mebe: Nye kokoƒoƒo enye be, dziƒoʋitɔ la ƒe nuɖusi netrɔ!


Kpɔ ɖa, mía Mawu, si subɔm míele la, me ŋu aɖe mí tso kpodzo bibi la me, eye wòate ŋu aɖe mi tso wò fia si me.


Alesi mieɖo to Mose la, nenema ke miaɖo to wò hãe; Yehowa nanɔ kpli wò ko, abe alesi wònɔ kple Mose ene!


Eye kpɔ ɖa, Boas tso Betlexem va, eye wògblɔ na nuŋelawo bena: Yehowa anɔ anyi kpli mi! Woɖo ŋu ne bena: Yehowa ayra wò!


Alesi wò ɖɔla ƒoa dzata kple sisiblisi la, nenema ke wòava me na Filistitɔ bolotɔ sia abe wo dometɔ ɖeka ene, elabena Mawu gbagbe la ƒe aʋalɔgowo ŋu wòɖe alɔme le.


Eye Saul na Dawid do eƒe awu, edɔ akɔblikuku ɖe ta nɛ, eye wòna wodo gawu nɛ.


ekema Yehowa nafia Yonatan agafiae ɖe dzi! Ne fofonye ɖo vɔ̃ ɖe ŋuwò kplikpaa la, ekema mava gblɔe ɖe to me na wò, eye mado mɔ wò nayi le ŋutifafa me. Yehowa anɔ kpli wò, abe alesi wònɔ kple fofonye tsã ene!


Ede nyui, si nèwɔ nam la, fia egbe be, esi Yehowa tsɔm de asi na wò la, mèwum o.


Eye Saul gblɔ na Dawid bena: Woayra wò, vinye Dawid; àdze egɔme, eye awu enu! Tete Dawid lé eƒe mɔ, eye Saul gbugbɔ yi enɔƒe.


Eye Samuel kɔ kpea ɖe ɖo Mizpa kple Sen dome, eye wòna ŋkɔe be Eben-Ezer hegblɔ bena: Afi Yehowa kpe ɖe mía ŋu va se ɖo!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa