Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 17:34 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

34 Dawid gblɔ na Saul bena: Ne wò ɖɔla le fofoa ƒe alẽwo kplɔm, eye dzata alo sisiblisi va lé alẽ ɖeka le lãha ŋu la,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

34 Gake David gblɔ na Saul be, “Wò dɔla nɔ fofoa ƒe alẽwo kplɔm. Ne dzata alo sisiblisi va eye wòlé alẽ le alẽha la me la,

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 17:34
18 Mawu Ofanana  

Esiwo nu lé la, nyemetsɔa wo vanɛ na wò o, ke boŋ meɖoa eteƒe na wò, elabena èbianɛ tso asinye, eɖanye wofii le ŋɖɔ alo zã o.


Eye Xusai gblɔ bena: Enya fofowò kple eƒe amewo be, kalẽtɔwo wonye, eye aɖa le mo na wo abe sisiblisi, si ŋu wole viwo la le gbedzi ene. Aʋame hãe fofowò nye, eye mana ameha la natsi adɔ o.


Benaya, Yehoyada vi, enye ŋutsu kalẽtɔa ɖe, si wɔ nu tsuwo la ƒe vi tso Kabzeel. Eya wu Moabitɔwo ƒe kalẽtɔ eveawo, eye wowu dzata le vudo la me le gbesigbe sno dza.


Benaya, Yehoyada vi, enye ŋutsu kalẽtɔa ɖe, si wɔ nu tsuwo la ƒe vi tso Kabzeel. Eya wu Moabitɔwo ƒe kalẽtɔ eveawo, eye wòyi ɖawu dzata le vudo la me le gbesigbe sno dza.


Meɖo ŋu blemaŋkekewo, mede ŋugble le wò nuwɔwɔwo kalã ŋu, eye mesusu wò asinudɔwɔwɔwo ŋu.


Alesi lãkplɔvi ɖea ŋku ɖe eƒe lãhawo le gbesigbe wòle eƒe alé, siwo ka hlẽ dome la, nenema maɖe ŋku ɖe nye alẽwo, eye maɖi wo aƒo ƒu tso teƒe, siwo katã woka hlẽ ɖo le blukɔ kple tsizidogbe la.


Eyata ale Yehowa gblɔ esi: Alesi lãkpɔvi ɖea lã ƒe ata eve kple to kakɛ tsoa dzata ƒe nu mee la, nenema ke woaɖe Israel-vi, siwo bɔbɔ nɔ Samaria le aba ƒe dzogoe dzi kple aba ƒe kuntru dzi lae.


Elabena kpɔ ɖa, maɖo lãkplɔvla ɖe anyigba la dzi, mabia esiwo bu la ta se o, eye madi esiwo ka hlẽ la o, mada gbe le esiwo xɔ abi la ŋu o, eye malé fɔ ɖe sesẽawo ŋu o, ke aɖu ɖamiawo ƒe lã, eye wòavuvu woƒe afɔkliwo.


Maɖe ʋu ɖa le eƒe nu me kple ŋunyɔnu ɖa le eƒe aɖuwo dzi, eya ha asusɔ na mia Mawu, eye wòanɔ abe Yuda ƒe amegãwo ene, eye Ekron anɔ abe Yebusitɔwo ene


Eye alẽnyilawo le nuto ma ke me le gbedzi, eye wole woƒe alẽha ŋuti dzɔm le zã me.


Nye la meva, bena woakpɔ agbe kple agbɔsɔsɔ.


ke dzidodo dzia kelili, ke kelili dzia mɔkpɔkpɔ;


amesiwo ɖu fiaɖuƒewo dzi to xɔse me, wowɔ dzɔdzɔenyenyedɔwo, woxɔ ŋugbedodowo, womiã nu na dzatawo,


Eye lã, si mekpɔ la, le abe lãkle ene, eye eƒe afɔwo le abe sisiblisi ƒe afɔwo ene, eye eƒe nu le abe dzata ƒe nu ene; eye ʋɔ driba la tsɔ eƒe ŋutete kple eƒe fiazikpui kpakple eƒe ŋusẽ gã nɛ.


Tete Yehowa ƒe gbɔgbɔ dze edzi, eye wòvuvui, abe alesi wovuvua gbɔ̃vi ene, evɔ wònye metsɔ naneke ɖe asi o hafi. Ke megblɔ nusi wòwɔ la na fofoa kple dadaa o.


Eye Dawid dzona le Saul gbɔ enuenu ɖakplɔa fofoa ƒe alẽwo le Betlexem.


Saul gblɔ na Dawid bena: Màte ŋu ayi aɖawɔ aʋa kple Filistitɔ sia o, elabena ɖevi nènye, ke eya la aʋawɔla wònye tso ɖevime ke!


metia eyome, eye meƒonɛ heɖenɛ le eƒe nu me; ke ne ebe, yeawɔ nu kplim la, meléa eƒe ge, eye meƒonɛ wuna.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa