Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 17:32 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

32 Eye Dawid gblɔ na Saul bena: Dzika megatso amea ɖeke ƒo o! Wò dɔla ayi aɖawɔ aʋa kple Filistitɔ ma.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

32 David gblɔ na Saul be, “Dzi megaɖe le ame aɖeke ƒo le Filistitɔ sia ta o. Wò dɔla ayi aɖawɔ aʋa kplii.”

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 17:32
12 Mawu Ofanana  

Memlɔ anyi, eye meɖɔ alɔ; meganyɔ, elabena Yehowa lém ɖe asi.


Migblɔ na amesiwo ƒo dzi ɖe le la be. Milé dzi ɖe ƒo, migavɔ̃ o! Kpɔ ɖa, mia Mawu enye si! Hlɔ̃biabia gbɔna, Mawu ƒe teƒeɖoɖo; eya ŋutɔ gbɔna, ne woaxɔ na mi.


eye nagblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖokui wò dzi, eye nanɔ anyi kpoo! Megavɔ̃ o, eye dzi megaɖe le ƒowò le dzoti takpoe eve, siwo le dzudzɔ tum, le Rezin kple Aram kpakple Remalya vi ƒe dɔmedzoe la ta o.


Ke Kaleb tsi nya ɖe dukɔ la nu hexɔ ɖe Mose dzi bena: Míate ŋu ade, eye míaxɔe, m ate ŋui kokoko tsã!


Ɖeko migadze aglã ɖe Yehowa ŋu o, eye migavɔ̃ anyigbadzitɔwo o, elabena wole na mi abe abolo ene. Luʋɔ dzo le wo ta, ke Yehowa li kpli miawo ya, eyata migavɔ̃ wo o!


Eyata migado ŋusẽ asi, siwo wɔ gblɔdɔɔ, kple klo, siwo me tu la,


Eyata tsɔ tonyigba sia, si ŋu Yehowa ƒo nu le gbemagbe la nam; elabena wò ŋutɔ èsee gbemagbe bena, Enakitɔwo le afima, eye duawo lolo hesesẽ. Ɖewohĩ Yehowa anɔ kplim, be manyã wo, abe alesi Yehowa gblɔ ene.


Eye Yonatan gblɔ na ɖekakpui, si nye eƒe adekplɔvi la bena: Va miyi bolotɔ siawo ƒe dzɔlawo gbɔ! Ɖewohĩ Yehowa awɔ nane ɖe mía nu, elabena mesesẽ na Yehowa be, wòatsɔ ame geɖe alo ame ʋee axɔ na ame o!


Tete ɖekakpuiawo dometɔ ɖeka gblɔ bena: Kpo ɖa, mekpɔ Betlexemtɔ Isai ƒe viŋutsua ɖe, si nya saŋkuƒoƒo; enye kalẽtɔ, eye wònye aʋame, enya nuƒoƒo, eye wòdze ɖeka, eye Yehowa li kplii.


Wose nya, siwo Dawid gblɔ, eye wova gblɔe na Saul, eye wòna wokplɔe vɛ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa