Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 17:28 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

28 Esi nɔvia xoxoetɔ Eliab se, alesi wòle nu ƒom kple ameawo la, dzi ku Eliab ɖe Dawid ŋu wògblɔ bena: Nuka wɔ ge nèva, eye ameka si netsɔ alẽ ʋee mawo ɖee le gbeadzi? Menya dàda kple vovlo, si le wò dzi me, elabena aʋa teƒe kpɔ ge nèva!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

28 Esi Eliab, David nɔviŋutsu tsitsitɔ see wònɔ nu ƒom kple ŋutsuawo la, etrɔ ɖe eŋu kple dziku hebiae be, “Nu ka tae nèva afi sia ɖo? Eye ame ka gbɔe nègblẽ alẽ ʋɛawo ɖo le gbea dzi? Menya dada si le mewò kple dzi vɔ̃ɖi si le mewò. Ɖe ko nèva afi sia be yeava kpɔ aʋa la teƒe.”

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 17:28
15 Mawu Ofanana  

Tso esia dzi la nɔviawo ʋã ŋui; ke fofoa dzra nya la ɖo.


Ke esi nɔviawo kpɔ bena, wo fofo lɔ̃nɛ wu wo katã la, wolée ɖe fu me, eye womegaƒoa nu nɛ nyuie o.


Tete nɔviawo gblɔ nɛ bena: Ɖe nèle didim be, naɖu fia ɖe mía nu, eye naɖu mía dzia? Tso ekema dzi wogalé fui ɖe dzi wu le eƒe drɔ̃ekuku kple eƒe nyawo ta.


Eye Rexabeam ɖe Maxalat, Dawid vi Yerimot ƒe vinyɔnu, kple Abixayil, Isai vi Eliab ƒe vinyɔnu;


Ɖasefo ŋutasẽlawo tsi tre, eye wole nusi nyemenya o la biamem.


Nɔvi, si ŋu woda vo ɖo la, tri akɔ wu du sesẽ, eye dzrewɔwɔ le abe fiasã ƒe gametiwo ene.


Dziku la, nu nyayrãe, eye dɔmedzoe dzea agbo; ke ameka ale ŋu anɔ te ɖe ŋuʋaʋã nu?


Eye mekpɔ agbagbadzedzewo katã kple aɖaŋudzedzewo katã de dɔwɔwɔ ŋu be, ŋuʋaʋã wonye de amehavi ŋu. Esia hã tofloko kple dagbadagba de ya me wonye.


eye ame ƒe ketɔwo anye ye ŋutɔ ƒemetɔwo.


Elabena ènyae bena, ŋuʋaʋã ŋutie wotsɔe de asi ɖo.


Eye esi etowo see la, wodo go yi ele ge; elabena wogblɔ be: Eƒe tame da!


Ke ame mawo la wogblɔa busunya ɖe nusiwo womenya o la ŋuti; ke nusiwo gɔme wose tso dzɔdzɔme abe lã nyasã manɔsitɔwo ene la, wogblẽ wo ɖokui le nusiawo me.


Tete Samuel tsɔ lãdzo, si me ami le, eye wòsi ami nɛ le nɔviawo dome. Eye Yehowa ƒe gbɔgbɔ va Dawid dzi tso gbemagbe dzi. Eye Samuel dze mo yi Rama.


Ke Yehowa gblɔ na Samuel bena: Megakpɔ eƒe dzedzeme kple eƒe atsudzɔdzɔ o, elabena megbee. Menye alesi amegbetɔ kpɔa nui o; elabena amegbetɔ kpɔa ŋku nu, ke.


Dawid ɖo ŋu bena: Nuka mehewɔ fifia? Menye nya ta koe mebia oa?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa