Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 17:25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Eye Israel-ŋutsuwo gblɔ bena: Miele ŋutsu sia, si do va la, kpɔma? Alɔme de ge wòva le Israel ŋu. Ne amea de wui la, fia ana kesinɔnu geɖe, atsɔ vianyɔnu nɛ wòaɖe, eye wòana fofoa ƒe aƒe magadze nu le Israel o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

25 Azɔ la, Israelviwo nɔ gbɔgblɔm be, “Miekpɔ ale si ŋutsu sia le dodom ɖe ŋgɔ edziedzia? Edona be yeaɖe alɔme le Israel ŋu. Fia la ana kesinɔnu gã aɖe ame si awui, woatsɔ via nyɔnuvi hã nɛ wòaɖe eye woana be fofoa ƒe ƒometɔwo magaxe duga le Israel o.”

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 17:25
11 Mawu Ofanana  

Eye míele nanam mianyae be, amea ɖeke mekpɔ ŋusẽ be, wòaɖo nudzɔdzɔ, adzɔ kple mɔtaho na nunɔlawo, Lewi-viwo, hadzilawo, agbonudzɔlawo, gbedɔxɔ me dɔwɔlawo kple mawuxɔ la ŋu dɔlawo katã o.


Egblɔ bena: Le amedzrowo si. Yesu gblɔ nɛ bena: Ekema viwo le wo ɖokui si.


Eye Kaleb gblɔ bena: Amesi ke aɖu Kiryat-Sefer dzi, eye wòaxɔe la, matsɔ vinyenyɔnu Axsa nɛ wòaɖe.


Amesi ke to li nɛ la, nese nusi Gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo bena: Amesi ke ɖu dzi la, mana mana ɣaɣla la ƒe ɖee, eye mana kpe ɣie, eye le kpea dzi la woŋlɔ ŋkɔ yeye ɖi, si amea ɖeke menya o, negbe amesi xɔe la koe.


Amesi ke to li nɛ la, nese nusi Gbɔgbɔ la gblɔna hameawo bena: Amesi ke ɖu dzi la, mana agbeti, si le Mawu ƒe Paradiso me la, ƒe kutsetsee, ne wòaɖu.


Amesi ke ɖu dzi la, mawɔe wòanye sɔti le nye mawukɔa me, eye magaɖo go akpɔ o, eye maŋlɔ nye Mawu ŋkɔ kple nye Mawu ƒe ɖu, si nye Yerusalem yeye, si ɖi tso dziƒo tso nye Mawu gbɔ va la, ƒe ŋkɔ kple nye ŋkɔ yeye la ɖe eyama ŋu.


Amesi ke ɖu dzi la, mana woabɔbɔ nɔ anyi kplim ɖe nye fiazikpui la dzi, abe alesi nye hã meɖu dzi, eye mebɔbɔ nɔ anyi kple Fofonye ɖe eƒe fiazikpui dzii la ene.


Amesi ke ɖu dzi la, woado awu ɣiwo na eyama, eye nyemele eƒe ŋkɔ tutu ge da le agbegbalẽa me o, eye maʋu eƒe ŋkɔ la me le Fofonye kple eƒe dɔlawo ŋku me.


Ke esi Israel-ŋutsuwo katã kpɔ ŋutsua la, wòsi le enu, eye wovɔ̃ ŋutɔ.


Ameawo ɖo ŋu ne abe tsã ene be: Ale kple ale woawɔ na amesi wui la, enye si.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa