Mia dometɔ akpe ɖeka asi le ame ɖeka kolia ƒe bublu nu, eye mi katã miasi le ame atɔ ƒe bublu nu, vaseɖe esime miasusɔ abe aflagati le to ta me kple aflaga le togbɛ dzi ene.
Made vɔvɔ̃ lã me na mia dometɔ, siwo susɔ ɖe woƒe futɔwo ƒe anyigba dzi, eye aŋgba, si ʋu ya anyẽ wo, eye wòasi, abe alesi wosina le yi nu ene, eye wòadze anyi, wònye amea ɖeke mele wo nyãm o hafi.
Aleke ame ɖeka ate ŋu anyẽ ame akpe, eye ame eve ale ŋu aɖe ame akpe ewo ɖe nu, ne menye woƒe agakpee tsɔ wo dzra, eye ne menye Yehowae tso wo de asi o?
Esi wòle nu ƒom kpli wo la, kpo da, ame dzɔtsu, si ŋkɔ nye Goliat, amesi nye Filistitɔ tso Gat la, do tso Filistitowo ƒe aʋadzedze la me va gblɔ nya mawo ke, eye Dawid see.
Eye Israel-ŋutsuwo gblɔ bena: Miele ŋutsu sia, si do va la, kpɔma? Alɔme de ge wòva le Israel ŋu. Ne amea de wui la, fia ana kesinɔnu geɖe, atsɔ vianyɔnu nɛ wòaɖe, eye wòana fofoa ƒe aƒe magadze nu le Israel o.