21 Eye Israel kple Filistitowo ƒe aʋalɔgoawo dze aʋa hedze ŋgɔ wo nɔewo.
21 Israelviwo kple Filistitɔwo nɔ woƒe aʋalɔgowo me hedze ŋgɔ wo nɔewo.
Ŋutsu la ŋkɔ nye Elimelex, eye srɔ̃a ŋkɔ nye Naomi, viaŋutsu eveawo ŋkɔ-wo nye Maxlon kple Xilion. Wonye Efrayimtɔwo tso Betlexem-Yuda, eye woʋu va Moab-nyigba dzi henɔ afima.
Eye Dawid fɔ ŋdi kanya hetsɔ alẽawo de asi na alẽkplɔla, eye wòdo agba heyi, abe alesi Isai de se ne ene; eye wòva tasiaɖamwo ƒe takpeƒe, esime aʋakɔ la dze aʋa ɖe asi aseyetsotso me.
Eye Dawid tsa nusiwo wotso vɛ la, de asi na aʋawɔnuwo ŋu dzɔla, eye wòƒu du yi aʋadzedze la nu. Esi wòva la, ebia nɔviawo be, woli sesĩe mahã?
Eye Filistitɔwo ho ɖatɔ Israel, eye aʋa la keke ta. Ke Filistitɔwo si Israel, eye wowu ame akpe ene ɖe aʋagbe dzi.