Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 17:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Eye Dawid fɔ ŋdi kanya hetsɔ alẽawo de asi na alẽkplɔla, eye wòdo agba heyi, abe alesi Isai de se ne ene; eye wòva tasiaɖamwo ƒe takpeƒe, esime aʋakɔ la dze aʋa ɖe asi aseyetsotso me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

20 David fɔ ŋdi kanya, tsɔ alẽawo de asi na alẽkplɔvi ɖeka. Edo agba eye wòdze mɔ abe ale si Yese ɖo nɛ ene. Eɖo asaɖa la me esi asrafoawo bɔ asaɖa le aʋaɣli dom yina ɖe woƒe nɔƒewo.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 17:20
9 Mawu Ofanana  

Elabena ŋkekewo ava dziwò, eye wò ketɔwo aƒu kpo ɖe ŋuwò, eye woaɖe to aƒo xlã wò, eye woaxaxa wò ɖe eme le goawo katã dzi,


Tete Yosua kple Israel-viwo katã fɔ ŋdi kanya, eye woho tso Sitim heva Yordan nu, eye wotsi afima dɔ, hafi woava tso tɔ la.


Eye Samuel fɔ ŋdi kanya, be yeayi aɖakpe Saul. Eye wogblɔ na Samuel bena: Saul va Karmel, eye wòli ŋkuɖodzinu ɖe afima, emegbe wòtrɔ yi Gilgal.


Woawo kple Saul kpakple Israel-ŋutsuwo katã le aʋa wɔm kple Filistitɔwo le logobali la me.


Eye Israel kple Filistitowo ƒe aʋalɔgoawo dze aʋa hedze ŋgɔ wo nɔewo.


Esi nɔvia xoxoetɔ Eliab se, alesi wòle nu ƒom kple ameawo la, dzi ku Eliab ɖe Dawid ŋu wògblɔ bena: Nuka wɔ ge nèva, eye ameka si netsɔ alẽ ʋee mawo ɖee le gbeadzi? Menya dàda kple vovlo, si le wò dzi me, elabena aʋa teƒe kpɔ ge nèva!


Eye Dawid tso heva afisi Saul ƒu asaɖa anyi ɖo, eye Dawid kpɔ afisi Saul kple eƒe aʋafia Abner, Ner vi la mlɔ; Saul mlɔ tasiaɖamwo ƒe takpeƒe, eye aʋakɔ la ɖe to ɖee godoo.


Eye Dawid kple Abisai wova aʋakɔ la gbɔ le zã me; kpo ɖa, Saul mlɔ anyi le alɔ̃ dam le tasiaɖamwo ƒe takpeƒe, eye wòtsɔ eƒe akplɔ tu anyi ɖe eƒe tade, eye Abner kple aʋakɔ la ɖe to ɖee godoo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa