15 Eye Dawid dzona le Saul gbɔ enuenu ɖakplɔa fofoa ƒe alẽwo le Betlexem.
15 David dzona le Saul gbɔ enuenu heyina Betlehem ɖakpɔa fofoa ƒe alẽwo dzi.
Eye Samuel bia Isai bena: Ɖekakpuiawo vɔa? Eɖo ŋu bena: Ekpɔtɔ ɖevitɔ, kpɔ ɖa, eyi alẽkplɔƒe! Tete Samuel gblɔ na Isai bena: Dɔ ame woaɖakplɔe vɛ; elabena míayi nuɖugba nu o, vaseɖe esime wòava afisia hafi!
Ke Filistitɔ la tena vana ŋdi kple fiẽ va tsia tre ɖi ŋkeke blane sɔŋ.
Dawid gblɔ na Saul bena: Ne wò ɖɔla le fofoa ƒe alẽwo kplɔm, eye dzata alo sisiblisi va lé alẽ ɖeka le lãha ŋu la,
Eye Saul xɔe gbemagbe, eye meɖe mɔ nɛ be, wòagbugbɔ ayi fofoa ƒe me o.