Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 17:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Eye Filistitɔ la gblɔ bena: Meɖe alɔme le Israel ƒe aʋalɔgoawo ŋu egbe. Miɖe ŋutsu ɖeka nam, ne mía kplii míawɔ aʋa!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 Tete Filistitɔ la yi edzi be, “Egbe meɖe alɔme le Israel ƒe aʋalɔgoawo ŋu! Miɖe ŋutsu ɖeka nam ne nye kplii míawɔ aʋa.”

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 17:10
14 Mawu Ofanana  

Eɖu fewu le Israel ŋu, tete Yonatan, Dawid nɔvi Simea vi wui.


Eyometɔ nye Eleazar, Axoxi vi, Dodo ƒe vi, amesi le kalẽtɔ etɔ̃awo dome le Dawid gbɔ. Esi woɖu fewu le Filistitɔwo ŋu, eye woƒo ƒu ho aʋa va afima, eye Israel-ŋutsuwo ho yi la,


Ɖewohi Yehowa, wò Mawu, se Rabsake, amesi eƒe aƒetɔ Asur-fia dɔ ɖo ɖa, be wòaɖe alɔme le Mawu gbagbe la ŋu la ƒe nyawo katã, eye woahe to nɛ le nya, siwo Yehowa, wò Mawu, se la ta; eyata ɖo gbe ɖa ɖe ame susɔe, siwo li la ta!


Ke esi Xoronitɔ Sanebalat kple Amonitɔwo ƒe dɔla Tobiya kpakple Arabiatɔ Gesem wosee la, woɖu fewu heɖe alɔme le mia bu gblɔ bena: Nuka nye esi wɔm míele, ɖe miebe, yewoadze aglã ɖe fia ŋua?


Dada doa ŋgɔ na gbegblẽ, eye ɖokuidodoɖedzi na anyidzedze.


ke boŋ amesi ke be, yeaƒo adegbe la, neƒo adegbe be, enya nu, eye wòdze sim be, nyee nye Yehowa, amesi si me amenuveve, ʋɔnudɔdrɔ̃ kple dzɔdzɔenyenye le le anyigba dzi, elabena nusiawoe nyoa ŋunye, Yehowa ye gblɔe.


Esi Saul kple Israel blibo la se Filistitɔa ƒe nyawo la, dzi ɖe le wo ƒo, eye wovɔ̃ ŋutɔ.


Alesi wò ɖɔla ƒoa dzata kple sisiblisi la, nenema ke wòava me na Filistitɔ bolotɔ sia abe wo dometɔ ɖeka ene, elabena Mawu gbagbe la ƒe aʋalɔgowo ŋu wòɖe alɔme le.


Dawid gblɔ na, Filistitɔ la bena: Wòa ètsɔ yi, tunuhlo kple akplɔ gbɔna gbɔnyee; ke nye la megbɔna gbɔwò le Yehowa Zebaot, Israel ƒe aʋalɔgo, siwo ŋu nède alɔme le la ƒe Mawu ƒe ŋkɔ me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa