Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 16:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Samuel wɔ, alesi Yehowa gblɔ nɛ la, eye wòva Betlexem. Tete dumegãwo ɖi vo, eye woyi ɖakpee gblɔ be: Ŋutifafa nèhe vɛa?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Samuel wɔ ɖe Yehowa ƒe ɖoɖo sia dzi. Esi wòɖo Betlehem la, dua ƒe ametsitsiwo va kpee kple dzodzo nyanyanya hebiae be, “Ŋutifafa dzie nèva ɖoa?”

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 16:4
13 Mawu Ofanana  

Emegbe la Raxel ku, eye woɖu ɖe Efrat, si enye Betlexem, mɔ to.


Esi metrɔ tso Mesopotamia gbɔna va Kanaan la, Raxel ku le gbɔnye le mɔ dzi, esi mele tu Efrat, eye meɖii ɖe afima le Efrat, si enye Betlexem, mɔ to.


Eye Dawid vɔ̃ Yehowa gbemagbe hegblɔ be: Aleke Yehowa ƒe aɖaka la ava gbɔnye?


Tete wògblɔ na Eliya bena: Mawu ƒe ame! Nya ka le mia kpli wò dome? Ɖe nèva gbɔnye, be naɖo ŋku nye nuvɔ̃wo dzi, eye nawu vinyea?


Eye Adoniya. Xagit vi la, yi Salomo dada Bat-Seba gbɔ. Ebiae bena: Ŋutifafa me nèva lea? Eɖo ŋu bena: Ŋutifafa mee!


Esi Yoram kpɔ Yehu la, egblɔ bena: Yehu, ŋutifafaea? Eɖo ŋu bena: Ŋutifafa ka? Esi dawo Izebel ƒe ahasiwɔwɔ kple dzosasa ta le agbɔ sɔm ɖaa ko laa?


Woakplɔ Yehowa ɖo, ne eɖe gbe be dzata ene; elabena ele gbe ɖe ge, eye ɣetoɖoƒeviwo aɖe abla ava.


Eyata meƒo wo to nyagblɔɖilawo dzi, metso nyee numenyawo wu woe, eye nye ʋɔnudɔdrɔ̃ adze abe kekeli ene.


Eye Yosef hã dzo le Galilea, tso Nazaret-du la me heyi Yudea ɖe Dawid du, si woyɔna be Betlexem la me, elabena etso Dawid ƒe me kple eƒome la me,


Eye esi Simon Petro kpɔe la, edze klo ɖe Yesu ƒe afɔ nu gblɔ bena: Aƒetɔ, do go le gbɔnye, elabena ame wɔnuvɔ̃ menye.


Tete eye Gadara nutometɔwo katã va ɖe kuku nɛ be, wòadzo le yewo gbɔ; elabena vɔvɔ̃ gã lé wo; eye eya la, esi wòɖo ʋua la, egagbugbɔ.


Eye wòdze mɔ heyi, eye Yonatan va dua me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa