Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 16:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Ale Dawid va Saul gbɔ, eye wòtsi tre ɖe eŋku me, eƒe nu lé dzi nɛ ŋutɔ, eye wòtrɔ zu eƒe adekplɔvi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

21 Tso esi Saul kpɔ David ko la, David ƒe nu nyo eŋu, elɔ̃e eye wòna wòzu eƒe adekplɔvi.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 16:21
13 Mawu Ofanana  

Yosef xɔ ƒe blaetɔ̃, esime wòtsi tre ɖe Egipte-fia Farao ƒe ŋku me. Eye Yosef dzo le Farao gbɔ yi ɖatsa le Egipte-nyigba blibo la dzi.


Woayra wò amewo, woayra wò dɔla, siwo le tsitre ɖe ŋkuwò me ɖaa, eye wosea wò nunya.


Enyo be, woasi Yehowa atso, wu esi woaɖo dzi ɖe amegãwo ŋu.


Migaɖo ŋu ɖe amegãwo, amegbetɔvi, siwo mate ŋu axɔ na ame o la ŋu o!


Mi dukɔ la, miɖo ŋu ɖe eŋu ɣeawokatãɣi, mitrɔ miaƒe dzi ƒo le eŋku me; Mawu enye míaƒe sitsoƒe! Sela.


Kpa amesi zã le eƒe ɖɔwɔwɔ me la ɖa, fiawoe wòasubɔ, eye menye ame tsɛwo wòasuhɔ o.


Ke Yosua, Nun vi, amesi le gbɔwò la, ade afima; de dzi ƒo nɛ, elabena eyae amã anyigba la na Israel.


Eye Yehowa ɖa Lewi-to la ɣemaɣi, bena woatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la, woawɔ subɔsubɔdɔ le Yehowa ŋku me, eye woayra ame ɖe eƒe ŋkɔ dzi, va do egbe.


Enumake wòyɔ eƒe adekplɔvi gblɔ ne bena: Di wò yi, ne natrɔm ɖo, ne womagagblɔ ɖe ŋunye be, nyɔnue wui o! Tete eƒe adekplɔvi da nui wòku.


Eye Saul ɖo ame ɖo ɖe Isai bena: Na Dawid nanɔ gbɔnye, elabena eƒe nu nyo ŋunye!


Eye Dawid dzona le Saul gbɔ enuenu ɖakplɔa fofoa ƒe alẽwo le Betlexem.


Esi Saul kpɔ Dawid wòyina Filistitɔa kpe ge la, ebia aʋafia Abner bena: Abner, ameka vi enye sia? Abner ɖo ŋu bena: Fiã, mefa wò siaa, nyemenyae o!


Tete Yonatan yɔ Dawid hegblɔ nyawo katã nɛ, eye Yonatan kplɔ Dawid vɛ na Saul wònɔ egbɔ abe tsã ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa