Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 16:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Tete ɖekakpuiawo dometɔ ɖeka gblɔ bena: Kpo ɖa, mekpɔ Betlexemtɔ Isai ƒe viŋutsua ɖe, si nya saŋkuƒoƒo; enye kalẽtɔ, eye wònye aʋame, enya nuƒoƒo, eye wòdze ɖeka, eye Yehowa li kplii.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

18 Subɔlawo dometɔ ɖeka gblɔ be yenya ɖekakpui aɖe tso Betlehem, enye ŋutsu aɖe si woyɔna be Yese la ƒe vi. Ɖekakpui sia menye kasaŋkuƒola nyui ɖeɖe ko o, ke boŋ enye ɖekakpui dzeɖekɛ, kalẽtɔ sesẽ kple ame ɖɔʋu aɖe hã. Gawu la, Yehowa li kplii.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 16:18
16 Mawu Ofanana  

Ke Yehowa nɔ kple Yosef, eye nusianu dze edzi nɛ nyuie, eye wònɔ eƒe aƒetɔ, Egiptetɔ la, ƒe me


Eye gaxɔdzikpɔla metsɔ ɖeke le nusi wòwɔna la me o, elabena Yehowa li kplii, eye nusianu, si wòwɔ na la Yehowa na wòdzea edzi nɛ.


Wò dɔla Yoab wɔ nusia, ne wòatsɔ ablu nya la ƒe afɔ; ke nye aƒetɔ ƒe nunya le abe mawudɔla ƒe nunya ene, ne wòanya nusianu, si dzɔna le anyigba dzi.


eye dzi aɖe le kalẽtɔ kekeake, amesi ƒe dzi le abe dzata ƒe dzi ene la, hã ƒo; elabena Israel blibo la nyae be, fofowò nye kalẽtɔ, eye amesiwo katã le eŋu, nye ŋutsuwɔlawo.


Eye Xusai gblɔ bena: Enya fofowò kple eƒe amewo be, kalẽtɔwo wonye, eye aɖa le mo na wo abe sisiblisi, si ŋu wole viwo la le gbedzi ene. Aʋame hãe fofowò nye, eye mana ameha la natsi adɔ o.


Ame ƒe nunya nue wokafunɛ ɖo, ke wodoa vlo amesi ƒe nya medzea to o.


„Kpo da, ɖetugbi, si menya ŋutsu o la, le fu fɔ ge, eye wòadzi ŋutsuvi, eye woayɔ eƒe ŋkɔ be Imanuel, si gome ènye: Mawu li kpli mi.“


miaha wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la; eye kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.


Ne dzesi siawo va me na wò la, ekema wo nusi tsɔ ɖe asi gbɔ na wò, elabena Mawu li kpli wò!


Tete wòdɔ ame woɖakplɔe vɛ; ebiã, eƒe ŋkuwo le hɔ̃e, eve wònye ame kpokploe. Eye Yehowa gblɔ be: Tso, nasi ami nɛ, elabena eyae!


Saul ɖo ŋu na eƒe dolawo bena: Miyi ɖadi ŋutsu, si nya saŋkuƒoƒo nyuie la nam, eye mikplɔe va gbɔnye!


Eye Saul do ame ɖo ɖe Isai gbɔ, be wòagblɔ nɛ bena: Ɖo viwò Dawid, si le alẽkplɔƒe la ɖem!


Dawid enye Efrattɔ ma, si tso Betlexem le Yuda, amesi ŋkɔ nye Isai la, ƒe vi; viŋutsu enyi le esi, eye wònye amegã ɖeɖi le ŋutsuwo dome le Saul ŋɔli.


Samuel va tsi, eye Yehowa nɔ kplii, eye mena nyaa ɖeke to le nya, siwo wògblɔ la me o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa