Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 16:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Ke Yehowa ƒe gbɔgbɔ dzo le Saul dzi, eye gbɔgbɔ vɔ̃e ɖe tso Yehowa gbɔ va noa fu ɖem ne.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

14 Ke Yehowa ƒe Gbɔgbɔ dzo le Saul dzi. Yehowa na be gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe dzea Saul dzi heɖea fu nɛ.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 16:14
17 Mawu Ofanana  

Gake nye amenuveve madzo le egbo, abe alesi mena wodzo le Saul, amesi meɖe ɖa le ŋkuwò me la gbɔ ene o.


Eye wògblɔ bena: Azɔ se Yehowa ƒe gbe: Mekpɔ Yehowa wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe eƒe fiazikpui dzi, eye dziƒoʋakɔ blibo la le tsitre ƒo xlãe le eƒe ɖusi kple mia me.


Eɖo ŋu bena: Mayi aɖanye aʋatsogbɔgbɔ anɔ eƒe nyagblɔɖilawo katã ƒe nu me Egblɔ bena: Àte ŋu aflui, heyi ɖawɔ nenema.


Ɣla wò mo ɖe nuvɔ̃nyewo, eye tutu nye vodadawo katã ɖa!


Ne wobe, yewoanyi wo viwo woatsi la, made vi lewo ŋu, be amegbetɔa ɖeke maganɔ anyi o; elabena baba na woawo ŋutɔ hã, nenye be, medze le wo gba.


Eye nyɔnu la gblɔ bena: Simson, Filistitɔwo ƒo ɖe dziwò loo! Tete wonyɔ tso alɔ̃ me hebu bena: Mado abe tsã ene, eye maʋuʋu ɖokuinye! Ke menyae be, Yehowa dzo le egbɔ o.


Eye Simson va titinasɔti eveawo, siwo dzi xɔa nɔ, ɖeka ɖe ɖusi, eye evelia ɖe mia, eye wòtutu wo.


Mawu de gbɔgbɔ vɔ̃ɖia ɖe Abimelex kple Sixemtɔwo me, ale bena Sixemtɔwo trɔ le Abimelex yome,


Esi Saul se nya siawo la, Mawu ƒe gbɔgbɔ dze edzi, eye dzi kui vevie ŋutɔ.


Eye Saul ƒe dolawo gblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, gbɔgbɔ vɔ̃ tso Mawu gbɔ le fu ɖem na wò.


Mía aƒetɔ ɖi nyaa ɖe gblɔ, wò dɔlawo nye si le ŋkuwò me, ne woaɖadi ŋutsua ɖe, si nya saŋkuƒoƒo, eye ne gbɔgbɔ vɔ̃ tso Mawu gbɔ va dziwò la, woatsɔ eƒe asi aƒo saŋkui, ne wòaka ɖe me na wò!


Eye ne Mawu ƒe gbɔgbɔ la dze Saul dzi la, Dawid tsoa eƒe asi ƒoa kasaŋku, eye edzi kana ɖena na Saul, ekana ɖe eme nɛ, eye gbagba vɔ̃ la dzona le edzi.


Esi ŋu ke la, gbɔgbɔ vɔ̃ tso Mawu gbɔ va dze Saul dzi, eye wòdze agbo le aƒea me; ke Dawid tsɔ eƒe asi ƒo saŋku abe tsã ene, eye Saul lé akplɔ ɖe asi.


Azɔ Saul de asi Dawid vɔvɔ̃ me, elabena Yehowa li kplii; ke edzo le Saul ya gbɔ.


Eye Samuel gblɔ na Saul bena: Nukaŋuti neɖe fu nam, eye nèna wokplɔm vɛ? Saul ɖo ŋu bena: Meɖo xaxa me ŋutɔ: Filistitɔwo le aʋa wɔm kplim, ke Mawu trɔ ʋu le yonyeme, eye megale nya ŋu ɖom nam azɔ to nyagblɔɖilawo dzi loo alo to drɔ̃e me o; eyata mena woyɔ wò vɛ, ne nagblɔ nusi mawɔ la nam!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa