Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 15:29 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

29 Israel ƒe ŋusẽtɔ mekaa aʋatso o, eye metrɔa nya o, elabena menye ame wònye, ne wòatrɔ nya o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

29 Ame si nye Israel ƒe ŋutikɔkɔe la, mele alakpa dam o, eye matrɔ ta me o, elabena menye amegbetɔe wònye o!”

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 15:29
16 Mawu Ofanana  

Yehowa, tɔwòe nye gãnyenye kple ŋusẽ, ŋutikɔkɔe, bubu kple kafukafu, elabena nusianu, si le dziƒo kple anyigba la, tɔwòe. Yehowa, tɔwòe nye fiaɖuƒe, eye wòe ɖo kpo ɖe nusiwo katã ƒe ŋkɔ de dzi la dzi.


Yehowa atsɔ ŋusẽ na eƒe dukɔ; Yehowa atsɔ ŋutifafa ayra eƒe dukɔ!


Mitsɔ ŋusẽ na Mawu, eƒe ŋutikɔkɔe le Israel dzi, eye eƒe ŋusẽ le alilikpowo me.


ale be meke atam le nye dziku me be: Ne woahade nye gbɔdemeƒe la fi!


ahagblɔ bena: Míaƒe dzɔdzɔenyenye kple ŋusẽ le Yehowa gbɔ; amesiwo katã do dziku ɖe eŋu la, ava egbɔ, eye ŋu akpe wo.


Nye Yehowa ye ƒo nu, egbɔna, eye mawɔ edzi, nyemadzudzɔ o, nyemakpɔ ame ta o, eye nyemakpɔ nublanui o, ke boŋ woadrɔ̃ ʋɔnu wò ɖe wò zɔzɔme kple wò nuwɔnawo nu, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


Mawu menye amegbetɔ wonye, ne wòaka aʋatso o eye menye amegbetɔwo ƒe vi wònye, ne wòatrɔ nya o. Ɖe woagblɔ nya, eye mawo edzi oa? Ɖe woaƒo nu, eye mawɔe oa?


Eye wògblɔ nam bena: Nye amenuveve so gbɔ na wò; elabena nye ŋusẽ zu blibo le gbɔdzɔgbɔdzɔ me. Eyata mele lalam wu bena, maƒo adegbe le nye gbɔdzɔgbɔdzɔ ŋuti boŋ, bene Kristo ƒe ŋusẽ nana dzinye.


Blema-Mawu la enye sitsoƒe, kple abɔ mavɔwo le anyigba afi. Enyã futɔwo le ŋgɔwò, eye wògblɔ be: Mitsrɔ̃ wo!


Metea ŋu wɔa nuwo katã le Kristo, amesi doa ŋusẽm la me.


ne míenye nuteƒewɔlawo o la, eyama lanɔ anyi nuteƒewɔla; elabena mate ŋu agbe nu le eɖokui gbɔ o.


ɖe agbe mava ƒe nukpɔkpɔ ŋu, si Mawu, amesi meka aʋatso o la, do ŋugbe, hafi ɣeyiɣi mavɔmavɔwo dze gɔme;


bena míato nu eve, siwo meɖɔlina o, esiwo me Mawu mate ŋu aka aʋatso le o la me akpɔ dzideƒo sesẽ, mí amesiwo sii tso, bene míalé mɔkpɔkpɔ, si wotsɔ ɖo mía ŋku me la, ɖe asi sesĩe;


elabena ame mawo zu nunɔlawo atamkaka manɔŋui; ke ame sia zui atamkaka kpe ɖe eŋu heto Mawu dzi, amesi gblɔ nɛ bena: „Yehowa ka atam, eye mele etrɔ ge o: Wòe nye nunɔla yi ɖe mavɔmavɔ me le Melxizedek ƒe ɖoɖo la nu“ —


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa