Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 15:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Saul ɖo ŋu na Samuel bena: Meɖo to Yehowa ƒe gbe tso, eye mede nusi gbe Yehowa dɔm ɖo la, nakplɔ Amalek-fia Agag ve, ke metsrɔ̃ Amalekitɔwo gbidigbidi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

20 Saul gasẽ nu be, “Mewɔ Yehowa ƒe gbe dzi, mewɔ nu si Yehowa ɖo nam be mawɔ, melé Fia Agag vɛ, gake mewu ame mamlɛawo katã.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 15:20
12 Mawu Ofanana  

„Medza, dzidada mele ŋunye o, ŋunye kɔ, eye vodada mele ŋunyie o:


Elabena Hiob be: „Tɔnye dzɔ, gake Mawu gbe afiatsotso nam;


Nya nyui enye sia gblɔm nèle be: „Tɔnye dzɔ wu Mawu tɔa?“


Ɖe nagblẽ nye afiatsotso me, eye nabu fɔm be, tɔwòe nye dzɔdzɔea?


Ɖekakpui la gblɔ nɛ bena: Mewɔ nusiawo katã dzi tso nye ɖevime ke; nuka gasusɔ nama?


Ke eya la, esi wòle didim be, yeatso afia na eɖokui la, egblɔ na Yesu bena; Amekae nye hanyevi mahã?


Farisitɔ la le tsitrenu, eye wòdo gbe ɖa ɖe ta me be: Mawu, meda akpe na wò bena, nyemele abe ame bubuawo, adzodalawo, ame madzɔmadzɔwo, ahasiwɔlawo, alo abe nudzɔla sia hã ene o.


Elabena esi womenya Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye o, eye wole didim bena, woatsɔ woawo ŋutɔ ƒe dzɔdzɔenyenye atu tsitre la, womebɔbɔ wo ɖokui ɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye la te o.


Esi Samuel va Saul gbɔ la, Saul gblɔ nɛ bena: Yehowa ayra wò! Mewo Yehowa ƒe gbe dzi.


Eyata yi, nasi Amalek, eye natsrɔ̃ eƒe nuwo katã gbidigbidi, megave enu o; ke boŋ wu ŋutsuwo kple nyɔnuwo, ɖeviwo kple vidzĩewo, nyiwo kple alẽwo, kposɔwo kple tedziwo siaa!


Ele Amalekitɔwo ƒe fia Agag agbagbe, eye wòtsɔ yi tsrɔ̃ dukɔ blibo la gbidigbidi.


Esi meɖo to Yehowa ƒe gbe o, eye mèwɔ eƒe dɔmedzoe, si wòdo ɖe Amalek ŋu dzi o la, eyata Yehowa le nusia wɔm wò egbea ɖo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa