Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 15:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Samuel gblɔ be: Mele eme oa? Esi mèbu ɖokuiwò naneke o hã, mèzu Israel-toawo ƒe tatɔ oa? Eye Yehowa si ami na wò heɖo fia ɖe Israel nu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

17 Samuel gblɔ nɛ be, “Togbɔ be mèbu ɖokuiwò amegãe o hã la, Mawu ɖo wò fiae ɖe Israel dzi.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 15:17
8 Mawu Ofanana  

Ne Efrayim ƒo nu la, ŋɔdzi ɖoa ame; eyae nye tatɔ nɔ Israel; ke eɖi fɔ to Baal dzi, eye wòku.


Eyaŋuti amesi ke bɔbɔ eɖokui ɖe anyi abe nenem ɖevi sia ene la, eyae ƒo ta le dziƒofiaɖuƒe la me.


Eɖo ŋu nɛ bena: Taflatse, nye aƒetɔ! Nuka tsɔ ge mala ade Israel? Kpɔ ɖa, nye ƒome enye suetɔ le Manase, eye nyee nye dɔmlɔea le tofonye ƒe me!


Tete Samuel tsɔ amigoe la kɔ ɖe la me ne, eye wòɖuɖɔ nu nɛ gblɔ bena: Ɖe Yehowa mesi ami na wò be, naɖu fia ɖe eƒe domenyinu dzi oa?


Eye wogabia nu Yehowa bena: Ɖe ame la hã va afisia? Yehowa ɖo ŋu bena: Kpɔ ɖa, eɣla ɖe agbawo totro me.


Tete Samuel gblɔ na Saul bena: Ɖo to gbɔ, ne magblɔ nya, si Yehowa to nam eto ƒe zã la na wò! Egblɔ be: Ƒo nu!


Saul ɖo ŋu gblɔ bena: Ɖe menye Benyamintɔ menye tso Israel ƒe to suetɔ me, eye nye ƒome enye gblɔetɔ le Benyamin-to la ƒe ƒomeawo me oa? Nya ka enye si gblɔm nèle nam?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa