Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 15:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Esi Samuel va Saul gbɔ la, Saul gblɔ nɛ bena: Yehowa ayra wò! Mewo Yehowa ƒe gbe dzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

13 Esi Samuel va kpɔ Saul la, Saul do gbe nɛ dzidzɔtɔe hegblɔ nɛ ne, “Mewɔ nu siwo katã Yehowa ɖo nam!”

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 15:13
17 Mawu Ofanana  

Eye wòyrae gblɔ bena Mawu dziƒoʋitɔ, si wɔ dziƒo kple anyigba, nayra Abram!


Ame la ɖo ŋu bena: Nyɔnu, si nètsɔ nam la, eyae na atia ɖem meɖu.


Tete Dawid ɖɔ amewo ɖo ɖe Yabes-Gileadtɔwo gblɔ na wo bena: Yehowa ayra mi, elabena mieve miaƒe aƒetɔ Saul nu, eye mieɖii!


Ame bubu nekafu wò, eye menye wò ŋutɔ wò nu o, ame tutɔ, eye menye wò nuyiwo o.


Amesi tsɔ nu tsyɔ eƒe vodada dzi la, madze edzi nɛ o; ke amesi ʋu eme, eye wòdzudzɔe la, woave enu.


nenema nye dzidzime, si ta ŋku kɔkɔ le, eye eƒe aɖahawo ɖe dzi;


Mitsɔ eƒe esi ƒe kutsetse nɛ, eye eƒe dɔwɔwɔwo akafui le dua me!


Nenema ke miawo hã, ne miewɔ nusiwo katã woɖo na mi la, migblɔ bena: Dɔla madzemadzewo míenye; nusi le na mi be, miawo la, eya koe miewɔ.


Farisitɔ la le tsitrenu, eye wòdo gbe ɖa ɖe ta me be: Mawu, meda akpe na wò bena, nyemele abe ame bubuawo, adzodalawo, ame madzɔmadzɔwo, ahasiwɔlawo, alo abe nudzɔla sia hã ene o.


Eya gblɔ na dadaa bena: Wò klosalo akpe ɖeka kple alafa, si wofi, eye nedo ɖiŋu ɖe eŋu, nye hã mese la, le asinye; nyee tso klosalo la. Tete dadaa gblɔ bena: Yehowa ayra wò, vinye!


Eye wògblɔ bena: Yehowa ayra wò, vinye! Eɖe wò lɔlɔ̃ fia fifia wu tsã; elabena mèdze ɖekakpuiwo, ame dahe alo hotɔwo yome o.


Esi wosa numevɔ vɔ la, tete Samuel do, eye Saul yi ɖakpee, be yeado gbe nɛ.


Evem be, meɖo fia Saul, elabena etrɔ megbe ɖem, eye mewo nye gbe dzi o. Tete dzi ku Samuel, eye wòdo ɣli na Yehowa zã blibo la.


Saul ɖo ŋu na Samuel bena: Meɖo to Yehowa ƒe gbe tso, eye mede nusi gbe Yehowa dɔm ɖo la, nakplɔ Amalek-fia Agag ve, ke metsrɔ̃ Amalekitɔwo gbidigbidi.


Eye Saul kple dukɔ la kpɔ Agag kple alẽ nyuiwo, nyi damiwo kple alẽviwo kpakple nu nyuiwo katã ta, eye wometsrɔ̃ wo gbidigbidi o; ke wotsrɔ̃ nu ɖigbɔwo kple nu, siwo ŋu viɖea ɖeke mele o la gbidigbidi.


Saul gblɔ bena: Yehowa ayra mi, elabena mieve nunye!


Ke ɖekakpuiawo dometɔ ɖeka va gblɔ na Nabal srɔ̃ Abigail bena: Kpɔ ɖa, Dawid dɔ amewo tso gbedzi do ɖe míaƒe aƒetɔ gbɔ, be woaɖo gbe nɛ, ke eda gbe ɖe wo gbɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa