1 Samuel 14:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 19136 Eye Yonatan gblɔ na ɖekakpui, si nye eƒe adekplɔvi la bena: Va miyi bolotɔ siawo ƒe dzɔlawo gbɔ! Ɖewohĩ Yehowa awɔ nane ɖe mía nu, elabena mesesẽ na Yehowa be, wòatsɔ ame geɖe alo ame ʋee axɔ na ame o! Onani mutuwoAgbenya La6 Yonatan gblɔ na eƒe adekplɔvi be, “Na míayi aʋamatsomatsoetɔ mawo gbɔ, ɖewohĩ Yehowa awɔ nukunu aɖe na mí elabena amewo ƒe agbɔsɔsɔ menye naneke le Yehowa gbɔ o!” Onani mutuwo |
Tete Asa yɔ Yehowa, eƒe Mawu la, gblɔ bena: Yehowa, amea ɖeke meli kpe ɖe ŋuwò, si axɔ na ame le ame kako kple ame beli ƒe aʋawɔwɔ me o. Yehowa, mía Mawu, xɔ na mí, elabena wòe miede mee, eye le wò ŋkɔ me míeho aʋa ɖe ame gbogbo siawo ŋu; Yehowa, wòe nye mía Mawu, eye amegbetɔa ɖeke mate ŋu axe mɔ na wò o.