Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 14:47 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

47 Azɔ Israel-fiaɖuƒe la su Saul si, eye wòwɔ aʋa kple eƒe futɔwo katã: Moabitɔwo, Amon-viwo, Edomtɔwo kple Zoba-fiawo kpakple Filistitɔwo godoo va kpe, eye afisiafi, si wòɖo la, eɖua dzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

47 Esi Saul zu fia ɖe Israel dzi la, ewɔ aʋa kple woƒe futɔwo le akpa sia akpa dzi: Moabtɔwo, Amonitɔwo, Edomtɔwo, Zoba fiawo kple Filistitɔwo siaa. Afi sia afi si ke wotrɔ ɖo la, eɖua wo dzi vevie.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 14:47
17 Mawu Ofanana  

Eye tsitsiwo dzi ŋutsuvi, eye wòtsɔ ŋkɔ nɛ bena Moab; eya nye egbegbe Moabitɔwo tɔgbui.


Eye ɖevitɔ hã dzi ŋutsuvi, eye wòtsɔ ŋkɔ ne be Ben-Ami, eya nye Amonitɔwo tɔgbui.


Esia enye Esau, si enye Edom, ƒe dzidzimeviwo ŋutinya.


Esiawo nye Esau ƒe viŋutsuwo, eye woawo nye woƒe amegãwo Eya nye Edom.


Eye Esau nɔ Seir-to la dzi. Esau enye Edom.


Yonatan ƒe aŋutrɔ medea megbe le ame tsiaʋawo ƒe ʋu kple kalẽtɔwo ƒe ami me o, eye Saul ƒe yi megbɔna ƒuƒlu o.


Ke esi Amon-viwo kpo be, yewozu Dawid ƒe ketɔwo la, Amon-viwo dɔ woɖatsɔ aʋa Aramtɔwo le Bet-Rexob kple Aramtɔwo le Zoba, wole afɔzɔla akpe blave, kple Maaxa-fia ame akpe ɖeka kpakple Istobtɔwo ame akpe wuieve.


Ale Dawid ɖu fia de Israel blibo la dzi, eye ʋɔnudɔdrɔ̃ kple afiatsotso le Dawid si me hena Israel blibo la.


Eye Dawid si Zoba-fia Hadadezer, Rexob vi, esi wòva be, yeaɖo yeƒe fiaɖuƒe anyi ɖe Frat-tɔsisi la nu.


Eye Mawu gaɖo futɔ bubu ne, si nye Rezon, Elyada vi, amesi si tso eƒe aƒetɔ Zoba-fia Hadadezer gbɔ,


Elabena Yehowa megblɔ be, yeatutu Israel ƒe ŋkɔ ɖa le dziƒoa te o, eyata wòɖe wo to Yerobeam, Yoas vi la dzi.


Azɔ fia la adze mia ŋgɔ. Ke nye la metsi, meƒo wɔ, eye vinyewo le mia dome; gake mezɔ mia ŋgɔ tso nye ɖekakpuime vaseɖe egbe.


Saul ɖu fia ƒe ɖeka, eye esi wòle fia ɖum de Israel dzi le ƒe evelia me la,


Eye Saul gbugbɔ le Filistitowo yome, eye Filistitowo yi wo nɔƒe.


Eye Saul wo aʋa kple Filistitowo vevie le eƒe agbe me ŋkekewo katã me. Ne Saul nya kpo ŋutsu kakoa ɖe alo kalẽtɔa ɖe ko la, ekplɔnɛ ɖe eɖokui ŋu.


Eye nunɔla la tsɔ nu kɔkɔe la nɛ, elabena aboloa ɖeke meli o, negbe ŋkumeɖobolo, si woɖe ɖa le Yehowa ŋku me, be woatsɔ abolo dzodzoe ada di le gbesigbe woɖee ɖa la koe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa