Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 14:45 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

45 Gake dukɔ la gblɔ na Saul bena: Ɖe Yonatan, amesi du dzi gã sia le Israel la, akua? Esia nede megbe xaa! Mieta Yehowa ƒe agbe be, taɖaa ɖeke mage tso eƒe ta ɖe anyigba o; elabena Mawue na be, wowu nusia egbea! Ale dukɔ la xɔ nya ɖe Yonatan nu, be meku o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

45 Ke aʋawɔlawo ɖo eŋu be, “Yonatan, ame si ɖe Israel egbea nakua? Gbeɖe! Míeka atam kple Mawu ƒe agbe be ame aɖeke maka asi Yonatan ƒe taɖa ɖeka pɛ gɔ̃ hã ŋu o elabena Mawu wɔ eŋu dɔ hewɔ nukunu triakɔ aɖe egbe.” Ale ameawo xɔ na Yonatan.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 14:45
22 Mawu Ofanana  

Nyɔnu la gblɔ be: Taflatse, fia la neɖo ŋku Yehowa, eƒe Mawu dzi, ne hlɔ̃biala magagblẽ nu ɖe dzi, eye wòatsrɔ̃ vinyeŋutsu ɖa o! Tete wògblɔ be: Meta Yehowa ƒe agbe: Ne viwò ƒe ɖa ɖeka age ɖe anyigba fi!


Eye Salomo gblɔ bena: Ne enye nuteƒewɔla la, ekema eƒe taɖaa ɖeke mage ɖe anyigba o: ke ne woakpɔ vɔ̃a ɖe le eŋu la, ekema aku.


Kpɔ da, nunɔlagã Amarya le mia nu de Yehowa ƒe nyawo katã ŋu, eye Yuda ƒe aƒe ƒe amegã Zebadya, Ismael vi, li de fia ƒe nyawo katã ŋu, eye Lewi-viwo nye dɔnunɔlawo le mia si. Misẽ ŋu le miaƒe nuwo wɔwɔ me, eye Yehowa anɔ kple ame nyui la!


Eyata nètsɔ wo de asi na woƒe ketɔwo, eye woxaxa wo ɖo; woɖo ɣli na wò le woƒe xaxaɣi la me, eye nèsee le dziƒo heɖo xanametɔwo na wo le wò nublanuikpɔkpɔ gã la nu, amesiwo ɖe wo tso woƒe ketɔwo si me.


Medɔ nye ame kɔkɔewo, meyɔ nye kalẽtɔwo, nye aseyetsolawo kple adegbeƒolawo ɖe nye dɔmedzoe la ŋu.


ke miaƒe taɖawo katã hã woxlẽe!


Eye miaƒe taɖa ɖeka mele tsɔtsrɔ̃ ge o.


Ke esi wova afima, eye woƒo hamea nu ƒu la, woka nu gã, siwo Mawu wɔ kpli wo la ta na wo, kple alesi wòʋu dzixɔse ƒe ʋɔtru na trɔ̃subɔlawo.


Tete ameha blibo la katã zi ɖoɖoe, eye woɖo to Barnaba kple Paulo ƒe nyaxexlẽfia le dzesi kple nukunu, siwo katã Mawu wɔ to woƒe asiwo dzi le trɔ̃subɔlawo dome la ŋuti.


Eye esi wòdo gbe na wo la, exlẽ nusiwo katã Mawu wo le trɔ̃subɔlawo dome to eƒe subɔsubɔ me la na wo ɖekaɖeka.


Eyata meɖe kuku na mi bena, miatsɔ nu aɖu, elabena esia nyo na miaƒe xɔxɔ: elabena mia dometɔa ɖeke ƒe taɖa ɖeka mabu atso eta o.


Elabena nyemado dzi agblɔ nyaa ɖeke o, negbe nusiwo Kristo wo to dzinye hena trɔ̃subɔlawo ƒe toɖoɖo le nyagbɔgblɔ kple dɔwɔwɔ me,


Elabena Mawu ƒe hadɔwɔlawo míenye; Mawu ƒe agble kple Mawu ƒe xɔtutu miawo míenye.


Esi míenye hadɔwɔlawo ŋuti la, míele nu xlɔ̃m mi hã bena, miagaxɔ Mawu ƒe amenuveve la dzodzro o.


Amesiawo awɔ aʋa kple Alẽvi la, eye Alẽvi la laɖu wo dzi; elabena aƒetɔwo dzi aƒetɔ kple fiawo dzi fia wònye, eye amesiwo li kplii la, wonye ame yɔyɔwo kple ame tiatiawo kpakple nuteƒewɔlawo.


Eye aʋakɔ, siwo le dziƒo la, do sɔ ɣiwo dze eyome, eye wodo aklalabiɖibiɖiwu ɣi dzadzɛ, siwo le dzo sim.


Ke Saul gblɔ bena: Womawu amea ɖeke le egbe ŋkeke sia dzi o, elabena egbe Yehowa na dziɖuɖu le Israel!


Ale Yehowa ɖe Israel gbemagbe, eye aʋa la gbɔ Bet-Awen ŋu.


Eye Saul gbugbɔ le Filistitowo yome, eye Filistitowo yi wo nɔƒe.


Etsɔ eƒe agbe ɖo asiƒo me hewu Filistitɔ la, eye Yehowa ɖu dzi gãa ɖe na Israel blibo la. Wo ŋutɔ èkpɔe, eye dzi dzɔ wò; nukaŋuti nèbe, yeada vo ɖe ʋu maɖifɔ ŋu ahawu Dawid dzodzro?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa