Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 14:39 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

39 Mefa Yehowa, si xɔ na Israel, ƒe agbe be, ne anye vinye Yonatan ye hã, ele be, woaku! Gake amea ɖeke meɖo ŋu nɛ le dukɔ la dome o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

39 Mele atam kam na Mawu ame si ɖe Israel dukɔ la be, nenye nye ŋutɔ vinye, Yonatan kurae wɔ nu vɔ̃ sia hã la aku kokoko.” Ke womekpɔ ame si wɔ nu vɔ̃ la o.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 14:39
10 Mawu Ofanana  

Tete dzi ku Dawid vevie ɖe ŋutsu la ŋu, eye wògblɔ na Natan hena: Meta Yehowa ƒe agbe, ŋutsu, si wo nusia la, dze ku;


Emegbe fia la gblɔ na Yoab bena; Kpɔ ɖa, mawɔ nusia; eyata yi ɖakplɔ ɖekakpui Absalom la gbɔe!


Nu ɖeka ƒomevie kpea amewo katã: Nya ɖeka tɔgbe dzɔna ɖe ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi, ame nyui, eme dzadzɛ kple eme madzamadza, vɔsala kple eme masavɔ, ame nyui kple nuvɔwɔlm atamkala kple amesi atam dzia ŋɔ na la dzi.


Ke ɖeɖi te Israel-ŋutsuwo ŋu gbemagbe, eye Saul ka atam na dukɔ la bena: Aɖi amesi aɖu nu, hafi fiẽ naɖo la ŋu, vaseɖe esime mabia hlɔ̃ nye futɔwo hafi! Eye aʋakɔ blibo la mede naneke nu me o.


Eye wògblɔ na Israel blibo la bena: Miɖo ɖe akpa ɖeka, eye mía kple vinye Yonatan mianɔ akpa evelia! Dukɔ la ɖo ŋu na Saul bena: Wɔ nusianu, si dze ŋuwò!


Eye Saul gblɔ be: Yehowa nefiam, ne wòagafiam ɖe dzi. Yonatan, ele be, naku!


Tete Saul ɖo to Yonatan ƒe gbe, eye Saul ka atam bena: Meta Yehowa ƒe agbe, ne woawui fi!


Elabena ŋkeke alesi Isai vi la le agbe le anyigba dzi la, mia kple wò fiaɖuƒe mali ke o; eyata ɖo, ne woakplɔe vɛ nam, elabena kuvi wònye!


Tete fia la gblɔ bena: Wò Aximelex kple fofowò ƒe aƒemetɔwo katã miaku!


Tete Saul ta Yehowa nɛ bena: Meta Yehowa ƒe agbe, ne fɔɖiɖi anɔ dziwò le nya sia me fi!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa