Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 14:38 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

38 Tete Saul gblɔ bena: Mi dukɔ la ƒe tatɔwo katã, mite va afi, ne miadze sii egbe, eye míakpɔ amesi wɔ nuvɔ̃ sia!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

38 Ale Saul gblɔ na kplɔlawo be, “Ame aɖe wɔ nu vɔ̃ ɖe Mawu ŋu, ele be míadze si nu vɔ̃ si míewɔ egbe.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 14:38
11 Mawu Ofanana  

Eya me dzogoekpe kple gatagbadzɛwo, eya me aʋadatiwo kple dzi-ɖulawo katã ado atso.


Mawu ɖu fia ɖe dukɔwo dzi, Mawu bɔbɔ nɔ eƒe fiazikpui kɔkɔe la dzi.


Ke aʋakɔ la ɖo ŋu bena: Megayi o; elabena ne míesi la, womabui na mí o, eye ne miaƒe akpa afã ku hã la, womabui na mi o; elabena ele abe mía dome ame akpe ewo ene. Eyata ne axɔ na mi tso dua me la, anyo wu.


Eye dukɔ blibo la ƒe tatɔwo kple Israel-toawo katã va Mawu ƒe dukɔ ƒe takpekpe la me; amesiwo zɔ afɔ, eye wòta yi la, le ame akpe alafa ene.


Nuvɔ̃e Israel wɔ, eye wotu nye nu, si mebia kpli wo la, wotsɔ busunuawo ƒe ɖe, eye wofi fi, wowɔ alakpanu, eye wotsɔe ɣla ɖe woƒe nuwo dome.


Mele ekpɔm, gake menye fifiae o; mekpɔnɛ, gake mele kpuiƒe o. Ɣletivi ado tso Yakob me, eye fiatikplɔ ado tso Israel me; aŋe tonuƒuiwo na Moab, eye wòakaka la le amesiwo nye zi la nu.


amesiwo wotu ɖe apostolowo kple nyagblɔɖilawo ƒe gɔmeɖoɖo la dzi, afisi Yesu Kristo ŋutɔ nye dzogoedzikpe le,


Yesu gblɔ na wo bena: Alo miexlẽ le ŋɔŋlɔawo me kpɔ bena: „Kpe, si xɔtulawo gbe la, eya ke trɔ zu dzogoekpe; Aƒetɔ la gbɔ esia tso, eye wònye nukunu le míaƒe ŋkuwo me“ o mahã?


Israel-viwo magate ŋu anɔ te ɖe woƒe futɔwo nu akpɔ o, megbe kokoko woatrɔ ade woƒe futɔwo, elabena busu le wo dzi. Nyemaganɔ anyi kpli mi o, negbe ɖeko miaɖe busu la ɖa le mia dome hafi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa