Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 14:36 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

36 Eye Saul gblɔ bena: Mina míaho ati Filistitɔwo yome le zã me, ne miaha wo vaseɖe ŋu ƒe keke me, eye miana wo dometɔa ɖeke nakpɔtɔ o! Tete woɖo ŋu bena: Wɔ nusianu, si dze ŋuwò! Eye nunɔla gblɔ bena: Mina míate ɖe Mawu ŋu afi!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

36 Le esia megbe la, Saul gblɔ be, “Mina míanya Filistitɔwo to zã blibo la me eye míawu ame siwo susɔ la dometɔ ɖe sia ɖe.” Ameawo lɔ̃ ɖe edzi be, “Enyo; wɔ nu sia nu si dze ŋuwò.” Ke nunɔla la gblɔ be, “Mina míabia Mawu gbã.”

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 14:36
14 Mawu Ofanana  

Ke nye la, Mawu ƒe gbɔnyenɔnɔ enye nye dzidzɔ; meɖo ŋu ke Aƒetɔ Yehowa ŋu, ne maxlẽ eƒe dɔwɔwɔwo katã afia.


Wole diyem gbeawotsyogbe, eye wole didim be, yewoanya nye mɔwo; wole ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe dim tso gbɔnye abe dukɔ, si wɔa nu dzɔdzɔe, eye megblẽa eƒe Mawu ƒe ɖoɖowo ɖi o la ene; wole didim be, Mawu natsɔ ɖe yewo gbɔ!


Mitso, ne míaho le zã me, eye miagblẽ eƒe fiasãwo!“


Elabena nunɔla ƒe nuyiwo nedzra sidzedze ɖo, eye woadi nufiame le eƒe nu me; elabena Yehowa Zebaot ƒe ame dɔdɔ wònye.


Ele nɛ be, wòava nunɔla Eleazar gbɔ, bena wòatsɔ Urim abia nu nɛ le Yehowa ŋku me; eye alesi wògblɔ la, eya nu woa kple Israel-viwo ƒe ha blibo la katã naho, eye woagatrɔ agbɔ ɖo.


Mite ɖe Mawu ŋu, eye wòate ɖe mia ŋu. Miklɔ miaƒe asiwo, mi nuvɔ̃wɔlawo, eye miwɔ miaƒe dziwo kɔkɔe, mi dzimevesusulawo!


Ke miawo migatɔ o, hafi boŋ miti miaƒe futɔwo yome, mitsrɔ woƒe megbexeawo, eye migana woage ɖe woƒe duwo me o, elabena Yehowa, mia Mawu, tsɔ wo ɖe asi na mi.


Eye Israel-viwo ha aboyonuwo kple lãwo le du siawo me na wo ɖokui, negbe amewo katã ko wowu kple yi, vaseɖe esime wotsrɔ̃ wo vɔ, eye womena nu gbagbe ɖeka hɔ̃ hã kpɔtɔ o.


Tete srɔ̃a Elkana gblɔ nɛ bena: Wɔ alesi dze ŋuwò, tsi anyi, vaseɖe esime naɖee le no nu! Yehowa nena wò nya nava me ko! Ale nyɔnu la tsi aƒe, eye wòna no via, vaseɖe esime woɖee le no nu.


Esi ŋu ke la, Saul mã dukɔ la ɖe aʋalɔgo etɔ me, eye wova dze asaɖa la dzi le ŋdi ŋudzɔɣi hewu Amonitɔwo vaseɖe ŋdɔ. Ke amesiwo kpɔtɔ la, ka hlẽ, ale be wo dome ame eve metsi afi ɖeka o.


Eye Axiya, Axitub vi, amesi nye Eli vi Pinexas ƒe vi, Ikabod nɔvi, nye Yehowa ƒe nunɔla le Silo, eye wòdo kɔmewu la. Ke aʋakɔ la menyae be, Yonatan dzo o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa