Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 14:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Ke ɖeɖi te Israel-ŋutsuwo ŋu gbemagbe, eye Saul ka atam na dukɔ la bena: Aɖi amesi aɖu nu, hafi fiẽ naɖo la ŋu, vaseɖe esime mabia hlɔ̃ nye futɔwo hafi! Eye aʋakɔ blibo la mede naneke nu me o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

24 Ale Israelviwo ɖo xaxa gã aɖe me gbe ma gbe elabena Saul bla ameawo kple atam be, “Fiƒode ava ame si aɖu nu hafi fiẽ naɖo la dzi eye ame aɖeke mekpɔ mɔ aɖu nu o, va se ɖe esime mabia hlɔ̃ nye futɔwo!” Ale ame aɖeke meɖu nu la aʋakɔ me gbe ma gbe o.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 14:24
19 Mawu Ofanana  

Yehowa le agbe, woakafu nye agakpe, eye woado nye xɔxɔ ƒe Mawu la ɖe dzi.


Yakamewo ƒe nuƒoƒo tsrɔ̃a wo haviwo; ke nunya wotsɔna ɖea ame dzɔdzɔewoe.


Ne wodo busu amea ɖe la, womaxɔe kple ga o, boŋ woawui.


Alo ne atam ge le amea ɖe nu, eɖanye vɔ̃ alo nyui dzi wòka atam la ɖo be, yeawɔ o, eye menyae o, emegbe wòdze sii la, ekema eɖi nu siawo dometɔ ɖeka ƒe fɔ.


Tete Israel ɖe adzɔgbe na Yehowa gblɔ bena: Ne atsɔ dukɔ sia ade asi nam la, ekema matsrɔ̃ woƒe duwo gbidigbidi.


Ale nunɔla naka atam agblɔ fiƒoɖenyawo na nyɔnu la bena: Yehowa ana fiƒode la naɖi ŋuwò, atrɔ zu ɖiŋudonu le wò dukɔ la dome; Yehowa ana wò ali naklẽ, eye ƒodo nadzi ɖe nuwo.


Elabena mele ɖase ɖim na wo bena, wole ŋu ʋãm ɖe Mawu ŋu, gake menye kple sidzedze o.


Ne amea ɖe melɔ̃ Aƒetɔ Yesu Kristo o la, nezu busu! Aƒetɔ la gbɔna!


Le ɣemaɣi Yosua ka atam bena: Ŋutsu, si atso, be yeagbugbɔ Yerixo-du sia atso la, aɖi eŋu le Yehowa ŋku me. Via ŋgɔgbea ƒe ku wòatsɔ aɖo egɔme anyi, eye eƒe dɔmlɔea ƒe ku wòatsɔ aɖe agbo enu!


Ke esi ŋusẽ do Israel ŋu la, ena Kanaanitɔwo wo do nɛ yaka, eye womenyã wo o.


Esi aʋafiawo dze Israel ŋgɔ, eye dukɔ la lɔ̃ faa ŋuti la, mikafu Yehowa!


Dukɔ blibo la va ɖo ave me, eye anyitsi le aʋagbea dzi.


Mefa Yehowa, si xɔ na Israel, ƒe agbe be, ne anye vinye Yonatan ye hã, ele be, woaku! Gake amea ɖeke meɖo ŋu nɛ le dukɔ la dome o.


Eye Saul gblɔ be: Ale miagblɔ na Dawid enye si: Fia mele srɔ̃ɖenua ɖeke dim o, negbe Filistitɔwo ƒe aʋanuyi alafa ɖeka ko, ne woabia hlɔ̃ fia ƒe futɔwo. Ke Saul bu be, yeana Dawid natsi Filistitɔwo si me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa