Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 14:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Ale Yehowa ɖe Israel gbemagbe, eye aʋa la gbɔ Bet-Awen ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

23 Ale Yehowa ɖe Israel gbe ma gbe eye wowɔ aʋa la dze le Bet Aven ŋu.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 14:23
12 Mawu Ofanana  

Elabena Yehowa megblɔ be, yeatutu Israel ƒe ŋkɔ ɖa le dziƒoa te o, eyata wòɖe wo to Yerobeam, Yoas vi la dzi.


Tete wotsi tre ɖe agble la titina, eye woxɔe, wowu Filistitɔwo, eye Yehowa na woɖu dzi gãa ɖe.


Ale Yehowa xɔ na Xizkiya kple Yerusalemtɔwo tso Asur-fia Sanxerib kple amewo katã si me, eye wòna gbɔdzɔe wo godoo va kpe.


Gbemagbe Yehowa ɖe Israel tso Egiptetɔwo si me, eye Israel kpɔ Egiptetɔwo ƒe kukuwo le ƒutsia nu.


Ke makpɔ nublanu: na Yuda ƒe aƒe la, eye maxa na wo to Yehowa, woƒe Mawu la dzi, menye dati, yi kple aʋawɔwɔ, sɔwo kple sɔdolawo matsɔ axa na wo o.


Elabena Yehowa, mia Mawu, ayi kpli mi, be wòawɔ aʋa kple miaƒe futɔwo na mi, eye wòaxɔ na mi.


Eye Yosua dɔ ŋutsuwo tso Yerixo ɖo ɖe Ai, si le Bet-Awen gbɔ, le Betel ƒe ɣedzeƒe gome hegblɔ na wo bena: Miyi ɖatsa ŋku le nuto la me! Tete ŋutsuawo yi ɖatsa ŋku le Ai,


Ne Yehowa ɖo ʋɔnudrɔ̃la na wo la, Yehowa nɔa anyi kple ʋɔnudrɔ̃la la, eye wòɖea wo tsoa woƒe futɔwo si me, ŋkeke alesi ʋɔnudrɔ̃la la le agbe, elabena woƒe hũɖeɖe le fuɖenametɔwo kple ŋutasẽlawo ŋuti na be, Yehowa ƒe dɔme trɔ ɖe wo ŋu.


Ke miawo miegbe Mawu, si ɖe nu tso miaƒe dzɔgbevɔ̃ewo kple hiãwo katã me, eye miegblɔ nɛ bena: Ɖo fia ɖe mia nu! Azɔ miɖo le Yehowa ŋku me ɖe miaƒe towo kple ame akpeakpeawo nu!


Eye Filistitɔwo kpe ta be, yewoawu aʋa kple Israel; tasiaɖamwo le akpe blaetɔ̃, sɔɖolawo le ame akpe ade, eye afɔzɔlawo sɔ gbɔ abe ƒutake ene. Eye woho va ƒu asaɖa anyi ɖe Mixmas gbɔ le Bet-Awen ƒe ɣedzeƒe gome.


Etsɔ wɔle siawo la mele ŋutsua ɖe ɖo ge ɖe wò tso Benyamin-nyigba dzi, nasi ami nɛ, wòanye amegã ɖe nye dukɔ Israel nu, eya naɖe nye dukɔ tso Filistitɔwo si me; elabena mekpɔ nye dukɔ ɖa, eye eƒe ɣli ɖi va gbɔnye.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa