Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 14:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Eye Saul gblɔ na Axiya bena: Tsɔ Mawu ƒe aɖaka la vɛ! Elabena Mawu ƒe aɖaka la le Israel-viwo gbɔ ɣemaɣi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

18 Saul do ɣli gblɔ na Ahiya be, “Mitsɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la vɛ!” nubablaɖaka la nɔ Israelviwo dome ɣe ma ɣi.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 14:18
13 Mawu Ofanana  

Uriya ɖo ŋu na Dawid bena: Aɖaka la kple Israel kpakple Yuda wole agbadɔ me, nye aƒetɔ Yoab kple nye aƒetɔ ƒe dolawo ƒu asaɖa anyi ɖe tagba, eye nyea mayi aƒenye me, aɖu nu, ano nu ahadɔ srɔ̃nye gbɔa? Meta wò amea kple wò agbe siaa, ne mawɔ nusia fi!


Ele nɛ be, wòava nunɔla Eleazar gbɔ, bena wòatsɔ Urim abia nu nɛ le Yehowa ŋku me; eye alesi wògblɔ la, eya nu woa kple Israel-viwo ƒe ha blibo la katã naho, eye woagatrɔ agbɔ ɖo.


Tete woho va Betel, eye Israel-viwo bia Mawu bena: Mía dometɔ ka atre aʋahoho ɖe Benyamin-viwo ŋu? Yehowa gblɔ bena: Yuda netre hoho!


Tete Israel-ŋutsuwo de dzi ƒo na wo ɖokui, eye wova dze aʋa ɖe afisi wodze aʋa ɖo le ŋkeke gbãtɔ dzi la.


Tete Saul gblɔ na aʋakɔ, si le eŋu la bena: Mixlẽ ameawo, ne míakpɔ amesi dzo le mía dome! Eye esi woxlẽ wo la, kpɔ ɖa, Yonatan kple eƒe adekplɔvi meli o.


Eye Saul gblɔ bena: Mina míaho ati Filistitɔwo yome le zã me, ne miaha wo vaseɖe ŋu ƒe keke me, eye miana wo dometɔa ɖeke nakpɔtɔ o! Tete woɖo ŋu bena: Wɔ nusianu, si dze ŋuwò! Eye nunɔla gblɔ bena: Mina míate ɖe Mawu ŋu afi!


Esi Dawid dze sii be, Saul ɖo vɔ̃ ɖe ye ŋu le adza me la, egblɔ na nunɔla Abyatar bena: Tsɔ kɔmewu la vɛ!


Esi Filistitɔwo xɔ Mawu ƒe aɖaka la, wotsɔe va Dagon ƒe me, eye wodae ɖe Dagon gbɔ.


Tete Kiryat-Yearimtɔwo va kɔ Yehowa ƒe aɖaka la yi ɖada ɖe togbɛ dzi le Abinadab ƒe me, eye wokɔ via Eleazar ŋu, ne wòakpɔ Yehowa ƒe aɖaka la dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa