Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 14:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eye ŋutsu, siwo nye dzɔlawo, ɖo gbe Yonatan kple eƒe adekplɔvi bena: Miva mía gbɔ, ne miagblɔ nyaa ɖe na mi! Tete Yonatan gblɔ na eƒe adekplɔvi bena: Dze yonyeme, elabena Yehowa tsɔ wo ɖe asi na Israel!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 Wodo ɣli na Yonatan be, “Lia toa nàva kpɔ nane ɖa.” Yonatan gblɔ na eƒe adekplɔvi be, “Lia toa eye nànɔ yonyeme tututu elabena Yehowa akpe ɖe mía ŋu míaɖu wo dzi!”

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 14:12
13 Mawu Ofanana  

Esi meva ɖo vudoa to egbea la, medo gbe ɖagblɔ bena: Yehowa, wò nye aƒetɔ Abraham ƒe Mawu! Ne ana nye azɔli, si dzi mele, nadze edzi nam la, — kpɔ ɖa, mele tsitre ɖe vudoa to —


Tete medze klo na Yehowa, eye metsyɔ mo anyi hekafu Yehowa, nye aƒetɔ Abraham ƒe Mawu, si kplɔm nyuie ale, be maɖe nye aƒetɔ nɔvi ƒe vinyɔnu na ye aƒetɔ ƒe vi la.


Eye ne eva me be, zi ɖi va to klẽtiawo dome nèse la, ekema wɔ kaba, elabena Yehowa dze ŋgɔwò, be wòasi Filistitɔwo ƒe aʋakɔ la!


Ɣemaɣi Amazya do ame ɖo ɖe Israel-fia Yoas, Yehu vi Yoaxaz ƒe vi gbã, ne woagblɔ nɛ bena: Va, ne miakpe akɔ kple mía nɔewo kpɔ!


Eye Debora gblɔ na Barak bena: Tso! Elabena egbe sia Yehowa le Sisera tso ge aɖe asi na wò. Alo ɖe Yehowa medze ŋgɔwò oa? Tete Barak ɖi tso Tabor-to la dzi, eye ame akpe ewo dze eyome.


Tete nɔvia ɖo ŋu ne bena: Menye nu bubua ɖekee o, ke boŋ Israeltɔ Gideon, Yoas vi la, ƒe yie. Mawu tsɔ Midiantɔwo kple woƒe asaɖa blibo la ɖe asi nɛ.


Esi Gideon se drɔ̃e la kple egɔme la, edo gbe ɖa; emegbe wògbugbɔ va Israel ƒe asaɖa la me gblɔ bena: Mitso, elabena Yehowa tsɔ Midiantɔwo ƒe asaɖa la de asi na mí!


Enumake wòyɔ eƒe adekplɔvi gblɔ ne bena: Di wò yi, ne natrɔm ɖo, ne womagagblɔ ɖe ŋunye be, nyɔnue wui o! Tete eƒe adekplɔvi da nui wòku.


Ke ne wogblɔ na mí bena: Miva mía gbɔ la, ekema míayi; elabena Yehowa tsɔ wo de asi na mí! Esia anye míaƒe dzesi!


Yonatan ta asi kple afɔ, eye eƒe adekplɔvi la le eyome; Yonatan ƒo wo ƒu anyi, eye eƒe adekplɔvi wu wo le eyome.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa