Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 13:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye Yonatan si Filistitɔwo ƒe dzɔla, siwo le Geba, eye Filistitɔwo see. Tete Saul na woku kpẽ le anyigba blibo la katã dzi, bena Hebritɔwo nasee.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Yonatan si Filistitɔwo ƒe dzɔlawo le Geba eye nya sia ɖi le Filistitɔwo ƒe anyigba blibo la dzi. Eye Saul ku aʋakpẽ le Israelnyigba blibo la dzi eye wòɖe gbeƒã be “Hebritɔwo katã nesee.”

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 13:3
12 Mawu Ofanana  

Eye Yoab ku kpẽ, tete aʋakɔ blibo la tɔ, womegati Israel yome o, eye wodzudzɔ aʋawɔwɔ.


Eye yakamea ɖe le afima, si ŋkɔ nye Seba, Bixri vi, eye wònye Benyamintɔ; eku kpẽ gblɔ bena: Gomea ɖeke mele Dawid gbɔ na mi o, eye domenyinu ɖeke mele Isai vi la si na mi o. Israel lee, mia dome amesiame neyi eƒe agbadɔ me!


Dawid le mɔ̃ me le to dzi, eye Filistitɔwo ɖe aʋakɔ ɖo Betlexem ɣemaɣi.


Woto to dome mo, eye wotsi Geba dɔ. Rama dzo nyanyanya, Saul ƒe Gibea de afɔ du me!


Anyigba blibo la azu gbadzaƒe tso Geba vaseɖe Rimon le Yerusalem ƒe dziehe. Yerusalem aɖo kpo, eye wòanɔ eteƒe hɔkɔɔ tso Benyamingbo la nu ɖake ɖe agbo tsãtɔ nɔƒe vaseɖe dzogoegbo la nu, tso Xananeel ƒe xɔ tsrala gbɔ vaseɖe fia ƒe ahafiãƒe.


Kefar-Amonai, Haofni kple Geba. Wole du wuieve hekpe ɖe woƒe kɔƒewo ŋu.


Esiwo le Benyamin-to la me, wonye: Gibeon kple eŋu lãnyiƒe, Geba kple eŋu lãnyiƒe,


Eye esi wògbɔ la, eku kpẽ le Efrayim-to dzi, tete Israel-viwo ɖi tso towo dzi va kpe ta ɖe eŋu, eye eya ŋutɔ dze wo ŋgɔ.


Eye Yehowa ƒe gbɔgbɔ yɔ Gideon me fũ; tete woku kpẽ yɔ Abiesritɔwo bena, wòadze eyome.


Emegbe ava Mawu ƒe Gibea, afisi Filistitɔwo ɖo dzɔlawoe. Eye avɔ me be, ne èɖo dua me afima la, akpe nyagblɔɖilawo ƒe haa ɖe, siwo tso to dzi, eye saŋku, axatsɛ, dze kple kasaŋku le ɖiɖim le wo ŋgɔ, ke woawo ŋutɔwo le nya gblɔm ɖi.


Eye Saul kple via Yonatan kpakple dukɔ, si tsi eŋu la, ƒu asaɖa anyi ɖe Geba-Benyamin, eye Filistitɔwo ƒu asaɖa anyi ɖe Mixmas.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa