23 Eye Filistitɔwo ƒe dzɔlaa ɖewo to Mixmas ƒe to dzi mɔ.
23 Azɔ Filistitɔwo ɖe asrafo aɖewo woyi ɖaxɔ mɔ si ɖo ta Mikmas.
Dawid le mɔ̃ me le to dzi, eye Filistitɔwo ɖe aʋakɔ ɖo Betlexem ɣemaɣi.
Eva dze Ayat dzi, eto Migron, eye wòva gblẽ eƒe nuwo ɖe Mixmas.
Woto to dome mo, eye wotsi Geba dɔ. Rama dzo nyanyanya, Saul ƒe Gibea de afɔ du me!
Eye Filistitɔwo kpe ta be, yewoawu aʋa kple Israel; tasiaɖamwo le akpe blaetɔ̃, sɔɖolawo le ame akpe ade, eye afɔzɔlawo sɔ gbɔ abe ƒutake ene. Eye woho va ƒu asaɖa anyi ɖe Mixmas gbɔ le Bet-Awen ƒe ɣedzeƒe gome.
Gbe ɖeka Saul vi Yonatan gblɔ na ɖekakpui, si nye eƒe adekplɔvi bena: Va míayi Filistitɔwo ƒe dzɔla, siwo le go keme dzi la gbɔ! Gake megblɔe na fofoa o.