Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 13:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Samuel gblɔ na Saul bena: Ewo bometsinu! Ɖe wònye ɖe nèlé Yehowa, wò Mawu ƒe se, si wòde na wò me ɖe asi la, anye ne Yehowa ana wò fiaɖuɖu nali ke ɖe Israel tegbee.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

13 Samuel gblɔ be, “Èwɔ bometsinu, mèlé Yehowa, wò Mawu la ƒe se si wòde na wò la me ɖe asi o. Nenye ɖe nèlé eme ɖe asi la, anye ne aɖo wò fiaɖuƒe la anyi le Israel hena ɣeyiɣiawo katã.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 13:13
23 Mawu Ofanana  

eye mèna meɖuɖɔ nu na nye tɔgbuiyɔviwo kple vinyenyɔnuwo o mahã? Ewɔ bometsinu!


Tete Dawid ƒe dzi lã kpo, esime wòxlẽ dukɔ la vɔ megbe, eye Dawid gblɔ na Yehowa bena: Mewɔ nuvɔ̃ ŋutɔ be, mewɔ nusia; eyata Yehowa, ɖe wò dɔla ƒe vodada ɖa, elabena mewɔ lãnu ŋutɔ.


Eɖo ŋu bena: Menye nyee he gbegblẽ va Israel dzi o, ke boŋ mia kple fofowò ƒe aƒee, elabena mieɖe asi le Yehowa ƒe seawo ŋu, eye mèdze Baalwo yome.


Tete Axab gblɔ na Eliya bena: Nye keto, èkpɔma? Eɖo ŋu bena: Mekpɔ wò; elabena ètsɔ ɖokuiwò ƒle na nu vɔ̃ɖi wɔwɔ le Yehowa ŋku me.


Ale Saul ku le eƒe vodada de Yehowa ŋu kple Yehowa ƒe nya, si me mele ɖe asi o la ta. Ede ŋɔliyɔlawo hã gbɔ ɖabia gbe wo se,


Elabena Yehowa ƒe ŋku kpɔa anyigba blibo la dzi, eye woɖoa ŋusẽ amesiwo ku ɖe eŋu kple woƒe dzi blibo. Ewɔ bometsinu; eyata tso fifi la aʋa ano dowòme.


Tete nukpɔla Yehu, Xanani vi, yi ɖakpee, eye wogblɔ na fia Yosafat bena: Ame vlo ŋu nèyi ɖakpe ɖoa, eye nèlɔ amesi lé fu Yehowa a? Le esia ta Yehowa ƒe dɔmedzoe va dziwò ɖo.


Ɖe wokpɔ mɔ agblɔ na fia be: yakame, eye na amegã be: ame vɔ̃ɖia?


Ame ƒe nunya nue wokafunɛ ɖo, ke wodoa vlo amesi ƒe nya medzea to o.


Amegbetɔ ƒe bometsitsie nana eƒe mɔ glɔ̃na; ke eƒe dzi nyrãna ɖe Yehowa ŋu.


Eye Yesaya gblɔ na Xizkiya bena: Se Yehowa Zebaot ƒe nya:


ke ne ewo nusi nye vɔ̃ le ŋkunye me, eye meɖo to nye gbe o la, ekema nyuie, si megblɔ be, mawo nɛ la, avem.


Ke Xana ya meyi o, elabena egblɔ na srɔ̃ bena: Ne ɖevi la ɖi no la, ekema makplɔe ayii, be wòado ɖe Yehowa ŋku me, eye woatsi afima ɖaa.


tete mebu be, Filistitɔwo le gbɔnye va ge le Gilgal, evɔ nyemekpɔ ƒo koko na Yehowa haɖe o; eyata mezi ɖokuinye dzi hesa numevɔ.


Evem be, meɖo fia Saul, elabena etrɔ megbe ɖem, eye mewo nye gbe dzi o. Tete dzi ku Samuel, eye wòdo ɣli na Yehowa zã blibo la.


Tete Samuel gblɔ bena: A, numevɔsawo kple akpedavɔsawoe dzea Yehowa ŋu wu toɖoɖo Yehowa ƒe gbea? Kpɔ ɖa, toɖoɖo nyo wu vɔsa, eye nusese nyo wu agbo ƒe ami


Tete Samuel gblɔ nɛ bena: Yehowa dze Israel-fiaɖuƒe la le asiwò egbe, eye wòtsɔe na hawòvi, si nyo wu wò.


Eye Yehowa gblɔ na Samuel bena: Ŋkeke nenie nanɔ konyi fam le Saul, amesi megbe be, megaɖu fia ɖe Israel dzi o la ŋu? De ami wò lãdzo la me, eye nayi; kpo ɖa, mele dɔwòm ɖe Isai gbɔ le Betlexem, elabena mekpɔ fia ɖi na ɖokuinye le viawo dome.


Tete Saul gblɔ bena: Mewɔ nuvɔ̃, gbugbɔ, vinye Dawid, nyemagawɔ vɔ̃a ɖeke wò azɔ o, elabena nye agbe xɔ asi le ŋkuwò me egbe, kpɔ ɖa, mewo lãnu, eye meda ƒu ŋutɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa